Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 4:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 bena amesiwo le nu kpɔm la, nakpɔ nu, ke womagadze sii o; eye amesiwo le nu sem la, nase nu, ke womagase egɔme o, bena woagatrɔ, ne woatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

12 Miɖo ŋku edzi be, “Togbɔ be wokpɔa nu, eye wosea nu hã la, womele nu gɔme se ge alo atrɔ ɖe Mawu gbɔ; be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo o.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 4:12
18 Iomraidhean Croise  

Kplɔ dukɔ, si ta ŋku le, hafi wònye ŋkunɔ, to le eta, hafi wònye tokunɔ la doe!


Womenyaa nu o, eye womedzea si nu o, elabena woƒe ŋku nye tre mele nu kpɔm o, eye woƒe dzi mele nu gɔme sem o.


Amea ɖe menya nu o Yuda ƒe aƒe la ase vɔ̃, siwo katã meɖo be, mawɔ wo la, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, eye matsɔ woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ake wo.


Dukɔ tsibome manyanu, mise esia, amesiwo ŋku li na, hafi womekpɔa nu o, to li na wo, ke womesea nu o!


Amevi, ƒome sẽto me nele, amesiwo ŋku li na, ne woatsɔ akpɔ nui, ke womekpɔa nu o, eye to li na wo, ne woatsɔ ase nui, ke womesea nu o, elabena ƒome sẽto wonye.


Ŋku li na mi, miekpɔa nu o! Eye to li na mi, miesea nu o! Eye mieɖoa ŋku nu dzi o,


Ke egblɔ bena: Miawo la wona mi bena, mianya mawufiaɖuƒe ƒe nu ɣaɣlawo, ke na ame bubuwo la le lododowo me bena, esi wole nu kpam la, ne woagakpɔe o, eye ne wole nu sem la, ne woagase egɔme o.


Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo,


Mekplɔ mi to gbedzi ƒe blane sɔŋ; ava mevuvu le mia ŋu o, eye afɔkpa mevuvu le afa na mi o.


amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la,


eye wogade megbe la, esẽ na wo bena, woagawo wo yeye hena dzimetɔtrɔ, le esi wogaklã Mawuvi la ɖe atitsoga ŋu na wo ɖokui, eye wona wodo ŋukpee la ta.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan