Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena, woadzra ʋuvi la do na ye le ameha la ŋuti bena, ne woagamimi ye ɖo o;

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

9 Yesu vɔ̃ be ameawo ava mimi ye ɖo, eya ta ebia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woadi ʋu sue aɖe ada ɖi, ale be ne ameawo mimi ye ɖo fũu akpa la, yeage ɖe eme ado le wo dome,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 3:9
9 Iomraidhean Croise  

Eye esi wòdo mɔ amehawo la, eɖo ʋu va Magdala-nutoawo me.


Eye wògade asi nufiafia me le ƒua nu, eye ameha gã ŋutɔ ƒo ƒu ɖe eŋu ale bena, wòyi ɖe ʋu me, eye wòbɔbɔ nɔ eme le ƒua dzi, ke ameha la katã le ƒua nu.


Eye esi wogblẽ ameha la ɖi la, wokui yi, abe alesi wòle ʋu la me ene; eye ʋu bubuwo hã kpe ɖe eŋuti.


Eye esi wòdo go le ʋu la me la, amea ɖe, si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la, do go tso yɔdowo me va kpee,


Eye enumake Yesu dze sii le eɖokui me bena, ŋusẽ do go tso ye me, eye wòtrɔ de ameha la gbɔ gblɔ bena: Amekae de asi nye awu ŋu mahã?


Eye woɖo ʋu dzo heyi ɖe gbedzi, woawo ɖeɖe.


Eye wòva ve me, esi ameha la mimii ɖo, be wòase mawunya la bena, ye ŋutɔ le tsitre ɖe Genezaret-ta la nu;


Eye esi woge ɖe ʋu ɖeka, si enye Simon tɔ me la, eɖe kuku nɛ be, wòatee ayii atso go ŋu ʋee. Eye esi wòbɔbɔ nɔ ʋua me la, efiã nu ɖo ɖe amehawo.


Eye esi Yesu dze sii bena, wole vava ge, eye woalé ye sesẽ aɖo fiae la, eɖe eɖokui ɖe aga yi de to la dzi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan