Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 3:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖa yi ƒu la nu; eye ameha gã tso Galilea kple Yudea va dze eyome.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

7 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖe aga heyi ƒua ta, eye ameha gã aɖe dze wo yome tso Galilea.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 3:7
20 Iomraidhean Croise  

Ne woti mia yome le du sia me la, nusi yi ɖe bubua ɖe me; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Miele Israel-duawo nu wu ge, hafi amegbetɔvi la nava o.


Ke esi Yesu dze si esia la, ete eɖokui ɖa tso afima, eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo katã ŋu,


eye wogbe nya na wo bena, woagana wòanya ye o;


Eye ameha geɖewo dze eyome tso Galilea kple Dekapoli kple Yerusalem, Yudea kpakple Yordan godo.


Eye wòyi ɖe woƒe ƒuƒoƒeawo me le Galilea katã hele gbe ƒã ɖem, eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le go domii.


Ke eya do go de asi gbeƒãɖeɖe me lelele kple nya la kaka me ale gbegbe bena, Yesu magate ŋu adze gaglã ayi du me o, ke gbedzi ko wònɔna, eye wotso afisiafi va egbɔ.


Eye wòva aƒe me. Eye ameha la gale ƒu ƒom ale bena, womete ŋu ɖu abolo gɔ̃ hã o.


Eye wògade asi nufiafia me le ƒua nu, eye ameha gã ŋutɔ ƒo ƒu ɖe eŋu ale bena, wòyi ɖe ʋu me, eye wòbɔbɔ nɔ eme le ƒua dzi, ke ameha la katã le ƒua nu.


Ke wogatsi edzi gblɔ bena: Ede zi dukɔ la me hele nu fiãm to Yudea katã me, eye wòdze gɔme tso Galilea vaseɖe afisia.


Eye wòva ve me le ŋkeke siawo me bena, eɖo go yi to la dzi be, yeado gbe ɖa, eye wòdo ŋu hele gbe ɖom ɖa na Mawu.


Eye esi wòɖi kpli wo la, etsi tre ɖe gbadzaƒea ɖe, eye eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gãa ɖe kple amewo ƒe ha gãa ɖe, si tso Yudea katã kple Yerusalem kple Tiro kpakple Sidon-ƒuta la, va be woaɖo toe, eye be woada gbe le yewo ŋu le woƒe dowo me;


Bubuwo gblɔ bena: Esiae nye Kristo la. Eye bubuwo hã gblɔ bena: Ɖe Kristo la atso Galilea mahã?


Woɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Alo wò hã Galileatɔ nènye mahã? Dzro me, eye nakpɔ bena, nyagblɔɖilaa ɖeke metsi tre tso Galilea kpɔ o.


Ke nɔviawo dɔ Paulo kple Sila ɖe Beroia enumake le zã me. Esi woawo ɖo afima la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe me.


Tete nɔviawo dɔ Paulo ɖe ƒu gome enumake, eye Sila kple Timoteo tsi afima.


Tete woɖo Kedes le Galilea le Naftali-to dzi kple Sixera le Efrayim-to dzi kpakple Kiryat-Arba, si nye Xebron le Yuda-to dzi.


Esiwo le Naftali-to la me, wonye. Kedes le Galilea, si nye sitsoƒe na hlɔ̃dola kple eŋu lãnyiƒe, Xamot-Dor kple eŋu lãnyiƒe kpakple Kartan kple eŋu lãnyiƒe; wole du etɔ̃.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan