Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 3:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wògblɔ na amesi titi lé asi na la bena: Tsi tre ɖe titina.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

3 Yesu yɔ amea be neva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 3:3
12 Iomraidhean Croise  

Ɖeɖi mate eŋu o, eye eƒe lãme matu o, vaseɖe esime wòaɖo ɖoɖo la anyigba dzi, ƒukpowo le mɔ kpɔm na eƒe nufiame.


Ale fia Dario de ŋkɔ nuŋɔŋlɔ la le, eye wòde se la.


eye kpɔ ɖa, amea ɖe li, eye titi lé asi nɛ. Eye wobiae bena: Ɖe wòle se la nu bena, woada gbe le ame ŋu le Sabat dzi mahã? bena woatso enu.


Eye wole ŋudzɔ nɛ be, aɖa gbe le eŋu le Sabat dzi loo, bena yewoatso enu.


Eye wòbia wo bena: Ɖe woɖe mo bena, woawo nu nyui alo woawo nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe ame, alo woawui mahã? Ke woawo zi kpi.


Ke enya woƒe tamesusuwo, eye wògblɔ na ŋutsu, si titi lé asi na la bena: Tso, eye natsi tre ɖe titina. Eye wòtso ɖe tsitrenu.


Ele nam bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe dɔwɔwɔwo, zi alesi ŋkeke li; zã gbɔna dodo ge, le esi me amea ɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.


Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi!


eye nɔviwo dome ame geɖeawo ɖo ŋu ɖe nye bablawo ŋu le Aƒetɔ la me, eye wowɔa kalẽ geɖe wu tsã le mawunyagbɔgblɔ me mavɔ̃mavɔ̃e.


Azɔ esi Kristo kpe fu ɖe mia ta le ŋutilã me ŋuti la, miawo hã mikpla tamesusu ma ke abe aʋawɔnuwo ene; elabena amesi kpe fu le ŋutilã me la, edzudzɔ nuvɔ̃wɔwɔ,


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan