Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 3:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wole ŋudzɔ nɛ be, aɖa gbe le eŋu le Sabat dzi loo, bena yewoatso enu.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke ta la, Yesu ƒe futɔwo nɔ ŋku lém ɖe eŋu tsitotsito be ada gbe le amea ŋu mahã, ne wòwɔe la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 3:2
12 Iomraidhean Croise  

Ame vɔ̃ɖi la ɖe xa di na ame dzɔdzɔe la, eye wòdi be, yeawui.


Mese ame geɖewo ƒe ameŋulili kple ŋɔdzi godoo be: „Miɖe egɔme ɖe go, ne miaɖe egɔme ɖe go“! Amesiwo katã nye xɔ̃nyewo la, le xa me ɖe nye anyidzedze ŋu be: Ɖewohĩ ana woblee, eye míaɖi ba ɖe edzi ahabia míaƒe hlɔ̃e.


Eye Daniel ƒo tatɔawo kple amegãawo ta, elabena gbɔgbɔ triakɔ le eme; eye fia la ɖo be, yeatsɔe aɖo fiaɖuƒe blibo la nu.


eye kpɔ ɖa, amea ɖe li, eye titi lé asi nɛ. Eye wobiae bena: Ɖe wòle se la nu bena, woada gbe le ame ŋu le Sabat dzi mahã? bena woatso enu.


Eye wògblɔ na amesi titi lé asi na la bena: Tsi tre ɖe titina.


Eye wòva ve me, esi wòyi ɖe farisitɔwo ƒe amegãwo dometɔ ɖeka ƒe me le Sabat dzi, be yeaɖu abolo la, wole ŋudzɔ ne.


Eye wole eŋu dzɔm, eye wodo adzamenɔla, siwo da alakpa be, yewonye ame dzɔdzɔewo la ɖa, bena woalée le nya me, ne yewoadee asi na fia kple mɔ̃mefia ƒe ŋusẽ?


Ke agbalẽfialawo kple farisitɔwo le ŋudzɔ nɛ be, ɖewohĩ ada gbe le eŋu le Sabat dzi, bena yewoakpɔ nya atso enu.


Ke wogblɔ esia hele etem kpɔ, bena yewoakpɔ nyaa ɖe atso enu. Eye Yesu do dɔgɔ̃e, eye wòtsɔ asibide ŋlɔ nu ɖe anyigba.


Tete farisitɔwo dome ɖewo gblɔ bena: Amesia la menye Mawu gbɔ wòtso o, elabena medzra Sabat la ɖo o. Bubuwo gblɔ bena: Aleke nuvɔ̃wɔla ate ŋu awɔ dzesi siawo tɔgbe mahã? Eye mamã ɖo wo dome.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan