Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 2:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Aleke wo amesia ƒo nu alea? Egblɔ busunya, ameka ate ŋu atso nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko o mahã?

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

7 “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Ɖe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka hɔ̃ɔ koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake oa?”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 2:7
15 Iomraidhean Croise  

Ɖe ame dzadzɛ ate ŋu atso ame madzamadza mea? Ɖeka pɛ hã o!


Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò.


Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o.


Ke nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke le Aƒelɔ, mía Mawu la si; elabena míese to ɖe eŋu,


Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.


Tete nunɔlagã la dze eƒe awuwo gblɔ bena: Egblɔ busunya! Ɖaseɖila kawo gahiã mí? Kpɔ ɖa, azɔ miese busunya la;


Eye kpo ɖa, agbalẽfialawo dometɔa ɖewo gblɔ le wo ɖokui me bena: Amesia le busunya gblɔm.


Miese eƒe busunya la, nuka susum miele mahã? Ke wo katã wobu fɔe be: Edze ku.


Ke agbalẽfialaa ɖewo bɔbɔ nɔ anyi ɖe afima, eye wole ɖi kem le woƒe dzi me bena:


Eye enumake esi Yesu dze sii le eƒe gbɔgbɔ me bena, wole ɖi kem le woa nutowo ɖokui me ale la, egblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele nusiawo ƒe ɖi kem le miaƒe dzi me mahã?


Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo de asi ɖikeke me gblɔ bena: Ameka enye esia, si gblɔ busunyawo? Ameka ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko oa?


Tete amesiwo le kplɔ̃a ŋuti kplii ta, de asi gbɔgbɔ me le woa ŋutɔ ɖokui me bena: Amekae nye esia, si tsɔa nuvɔ̃wo hã kena mahã?


Yudatɔwo ɖo ŋu nɛ bena: Menye dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti miele kpe ƒu ge wò ɖo o, ke boŋ le busubɔbɔ ŋuti; elabena ame nènye, eye nèwɔ ɖokuiwò Mawui.


amesi Fofo la wɔ kɔkɔe, eye wòdɔ ɖo ɖe xexea me la, eyama ŋuti mia wo miele gbɔgblɔm le bena: Ebɔ busu, esi mebena: Mawuvi menye mahã?


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan