Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 2:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye ame geɖewo ƒo ƒu ale bena, womegakpɔ nɔƒea ɖeke le ʋɔtrua nu hã o, eye wògblɔ nya na wo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la yɔ fũu kple amewo o. Aƒea me yɔ ale gbegbe be nɔƒe aɖeke meganɔ ʋɔtrua nu hã o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 2:2
20 Iomraidhean Croise  

Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me.


eye wòke nu, fia nu wo gblɔ bena:


Ke esi wòlé Yohanes de gaxɔ me megbe la, Yesu va Galilea hele gbe ƒã ɖem Mawu ƒe nyanyuie la bena:


Eye du blibo la katã ƒo ƒu de ʋɔtrua nu.


eye wokpɔe, eye wogblɔ nɛ bena; Amewo katã le diwòm.


Ke eya do go de asi gbeƒãɖeɖe me lelele kple nya la kaka me ale gbegbe bena, Yesu magate ŋu adze gaglã ayi du me o, ke gbedzi ko wònɔna, eye wotso afisiafi va egbɔ.


Eye esi wògayi ɖe Kapernaum le ŋkekea ɖewo megbe la, wose bena, ele aƒea me.


Eve wògayi ɖe ƒu la nu, eye ameha la katã va egbɔ, eye wòfiã nu wo.


Eye esi Yesu do go la, ekpa ameha gãa de, eye eƒe dome tre de wo ŋuti, elabena wole abe ale, siwo nu kplɔla mele o ene, eye wòde asi nu geɖe tiatia me wo.


Esi ameha, si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo, va ƒo ƒu ale bena, wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, ede asi gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo gbã bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.


Eye gbe ɖeka la eva ve me bena, esi wòle nu fiãm, eye farisitɔwo kple sefiala, siwo tso Galilea kple Yudea-duwo katã me kpakple Yerusalem va la, wobɔbɔ nɔ afima, eye Aƒetɔ ƒe ŋusẽ ti be, wòada gbe le wo ŋu.


Eye wòva ve me le esia megbe ʋee la bena, eyi ɖato duawo kple kɔƒeawo me, hele mawufiaɖuƒe ŋu nyanyuie gblɔm fia; eye ame wuieveawo le eŋu


Ke lo lae nye esi: Nuku la enye Mawu ƒe nya.


Azɔ amesiwo ka hlẽ le xaxa, si va le Stefano ŋuti me la, tso me yi vaseɖe Foinike kple Kipro kpakple Antioxia, ke womegblɔ; nya la na amea ɖeke o, negbe na Yudatɔwo ɖeɖe ko.


Eye esi wogblɔ nya la le Perge la, wotɔ edzi va Atalia.


Eye esi woto Frigia-kple Galatia-nutowo me yi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la xe mɔ na wo be, woagagblɔ nya la le Asia o;


Azɔ woawo la, esi woɖi ɖase, eye wogblɔ Aƒetɔ ƒe nya la vɔ la, wogagbugbɔ va Yerusalem; eye wogblɔ nyanyuie la fia le Samaria ƒe kɔƒe geɖewo me.


Ke nuka wògblɔ? „Nya la tso ɖe gbewo kpuie, ele nuwò me kple dziwò me hã;“ esiae nye xɔse, si ƒe gbe ƒã ɖem míele la.


Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan