Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 2:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke esi farisitɔwo dome agbalẽfialawo kpɔ bena, ele nu ɖum kple nuvɔ̃wɔlawo kpakple nudzɔlawo la, wogblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Aleke wo bena, woɖua nu, eye wonoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

16 Agbalẽfiala siwo tso Farisitɔwo dome la kpɔ Yesu wònɔ nu ɖum kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ale wobia eƒe nusrɔ̃lawo fewuɖutɔe be, “Nu ka ta miaƒe Aƒetɔ le nu ɖum kple nu vɔ̃ wɔla kple dugadzɔla siawo ɖo?”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 2:16
14 Iomraidhean Croise  

ame siwo le gbɔgblɔm be: Nɔ adzɔge, megaka asi ŋunye o, mava wɔ wò kɔkɔe la, amesiawoe nye dzudzɔ le nye ŋɔti me kple dzo, si abi nu ŋkeke blibo la.


Ke ne meɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔe na hame la, eye ne meɖo to hame la hã o la, na ne wòano na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.


Elabena ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi la, fetu ka kpɔm miele mahã? Alo menye nudzɔlawo hã wɔa nenema ke o ɖe?


Ke esi farisitɔwo kpɔe la, wogblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Nukaŋuti miaƒe nufiala ɖua nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Eye wòva ve me bena, esi wòle kplɔ̃a ŋu le eƒe me la, nudzɔla kple nuvɔ̃wɔla geɖewo bɔbɔ nɔ anyi kple Yesu kpakple eƒe nusrɔ̃lawo, elabena ame geɖe wonye dze eyome.


Aleke wo amesia ƒo nu alea? Egblɔ busunya, ameka ate ŋu atso nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko o mahã?


Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa ɖe ta me be: Mawu, meda akpe na wò bena, nyemele abe ame bubuawo, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo abe nudzɔla sia hã ene o.


Elabena Amegbetɔvi la va, be yeaɖi, eye yeaɖe amesiwo bu la.


Eye esi wokpɔe la, wo katã woli liʋiliʋi gblɔ bena: Eyina ŋutsu, si nye nuvɔ̃wɔla gbɔ dze ge.


Eye farisitɔwo kple woƒe agbalẽfialawo li liʋiliʋi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋuti gblɔ bena. Nukaŋuti mieɖua nu, eye mienoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Eye ɣlidodo gãa ɖe dzɔ, eye agbalẽfiala, siwo nye farisitɔwo ƒe akpa la, dometɔa ɖewo tsi tre, eye wohe dzre ŋutɔ gblɔ bena: Miekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o; ke ne gbɔgbɔa ɖe alo mawudɔlaa ɖe ƒo nu kpakplii la, nukae?


Ke gbɔgbɔmeme la kpɔa nuwo katã me, ke eya ŋutɔ la amea ɖeke mekpɔa eme o.


Mibu amesi ɖo dzi kpe nuvɔ̃wɔlawo ƒe ɖeklemiɖeɖe na ye ŋutɔ la ŋu, bena ɖeɖi nagate mia ŋu, eye miagbɔdzɔ le mia luʋɔwo me o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan