Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 16:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye woawo hã wodzo yi ɖaka eta na ame mamlewo; gake womexɔ woawo hã dzi se o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

13 Esi wova kpɔe dze sii mlɔeba be Yesue la, wotrɔ yi ɖagblɔe na wo tɔwo gake womexɔe se o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 16:13
9 Iomraidhean Croise  

Eye esi wokpɔe la, wodze klo nɛ, ke amea ɖewo ke ɖi.


Eye woawo la, esi wose bena, ele agbe, eye wokpɔe la, womexɔe se o.


Eya megbe la eɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋuta, esi wole nuɖuƒe; eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple dzimesesẽ la ŋuti bena, womexɔ amesiwo kpoe wòtsi tre la, dzi se o.


Ke egblɔ nɛ bena: Ne womeɖo to Mose kple nyagblɔɖilawo o la, ne amea ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome hã la, mele ŋu te ge aƒoe ɖe wo nu o.


Eye nya siawo dze le woƒe ŋku me abe bometsinya ene, eye womexɔ wo dzi se o.


Ke esi womexɔe se o le dzi, si dzo wo kple nuku, si wòwɔ na wo ŋuti la, egblɔ na wo bena: Nuɖuɖua ɖe le mia si le afisia mahã?


Tete nusrɔ̃la bubuawo gblɔ nɛ bena: Miekpɔ Aƒetɔ la. Ke egblɔ na wo bena: Ne nyemekpɔ gatagbadzɛawo teƒe le eƒe asi me, eye metso nye asibide ƒo ɖe gatagbadzɛawo teƒe, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe eƒe axada me o la, nyemele exɔ ge ase o.


Tete nusrɔ̃la keme la hã, si tre yɔdo la gbɔ vava la, yi ɖe eme azɔ, eye wòkpɔe, eye wòxɔe se.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan