Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 16:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye esi Sabat la nu yi vɔ la, Mana, Magdalatɔ, kple Maria, Yakobo dada, kple Salome woƒle atike ʋeʋẽe lilili, bena yewoasi nɛ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Le fiẽ me, esi Dzudzɔgbe ŋkeke la wu enu la, Maria Magdalatɔ, Salome kple Maria Yakobo dada woyi ɖaƒle ami ʋeʋĩ si wosina na ame kuku be magblẽ kaba o la da ɖi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 16:1
19 Iomraidhean Croise  

Emegbe Yosef de se na eƒe dɔla, siwo nye atikewɔlawo, bena woasi atike na fofoa. Tete atikewɔlawo si atike na Israel.


Eye woɖii ɖe eƒe yɔdo, si wòɖe ɖe Dawid ƒe dua me la me; wotsɔe mlɔ aba, si dzi wotsɔ atike ʋeʋẽe vovovo, siwo atikeɖala veviwo tɔtɔ, da ɖo la dzi, eye wodo dzo gãa ɖe nɛ eteƒe mekɔ o.


Eye esi wòle Betania le Simon, dzɔbutɔ la, ƒe me le nuɖuƒe la, nyɔnua ɖe va kple alabastrogoe, si me nardomi nyuitɔ, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la le, eye wogbã goe la hetrɔe kɔ ɖe eƒe ta me.


Ewo nusi wòate ŋui; edze ŋgɔgbe va si ami na nye ŋutilã la hena ɖiɖi.


Eye nyɔnuwo hã le tsitre, le nu kpɔm le adzɔge; amesiawo dome Maria, Magdalatɔ, kple Maria, Yakobo suetɔ kple Yose dada, kpakple Salome wole;


Eye esi fiẽsi ɖo la, elabena enye dzadzraɖoŋkeke, si dze Sabat ŋgɔ,


Eye Maria, Magdalatɔ kple Maria, Yose dada, wokpɔ afisi wotsɔe mlɔ.


Eye le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanya, esi agu dze la, wova yɔdo la gbɔ.


Eye esi wodo go la, wòsi tso yɔdo la gbɔ; elabena dzodzo nyanyanya kple ŋɔdzi lé wo, eye womegblɔ nyaa ɖeke na amea ɖeke o; elabena wovɔ̃.


Eye wònye dzadzraɖoŋkeke, eye Sabat tu aƒe.


Eye wogbugbɔ yi ɖadzra atike ʋeʋẽe kple ami ɖo. Ke wodzudzɔ le Sabat dzi le se la nu.


Eye le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanya la wova yɔdo la gbɔ, eye wotsɔ atike ʋeʋẽe, si wodzra ɖo la, de asi, eye amea ɖewo hã kpe ɖe wo ŋu heva.


Ke dadaa kple dadaa nɔvinyɔnu Maria, Klopa srɔ̃, kpakple Maria, Magdalatɔ, wole tsitre ɖe Yesu ƒe atitsoga la gbɔ.


Azɔ esi wònye dzadzraɖoŋkeke la, Yudatɔwo bia Pilato bena, woaŋe woƒe afɔwo, eye ne woaɖe wo ɖa, bena ame kukuwo nagatsi atitsoga ŋu le Sabat dzi o; elabena Sabat gãe nye ŋkeke ma.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan