Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 12:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye esi ɣeyiɣia ɖo la, edo dɔla ɖo ɖe agbleŋlɔlawo gbɔ bena, yeaxɔ agble la me kutsetsea ɖewo tso eŋlɔlawo si me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 Le nuŋeɣi la, agbletɔ la dɔ eƒe subɔla ɖeka ɖa be wòaxɔ agblemenuku la ƒe akpa si nye ye tɔ gome la vɛ na ye,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 12:2
18 Iomraidhean Croise  

Eye Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to eƒe nyagblɔɖilawo katã, siwo nye nukpɔlawo la dzi gblɔ bena: Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔwo dzi, eye milé nye sewo kple nye dodowo me ɖe asi, abe alesi mede se na mia fofowo kple alesi mede nye dɔla nyagblɔɖilawo si ɖo ɖe mi la ene.


Tete Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, ɖo eƒe dɔlawo ɖe wo enuenu, elabena Yehowa kpɔ eƒe dukɔ kple eƒe nɔƒe la ta.


se, siwo neɖe to wò dɔla nyagblɔɖilawo dzi gblɔ bena: Anyigba, si dzi mieva, be miaxɔe woanye mia tɔ la, anyigba makɔmakɔ wònye to anyigba dzi dukɔwo ƒe nu makɔmakɔ wɔwɔ me, elabena wotsɔ woƒe ŋunyɔnuwo kple woƒe nu makɔmakɔwo na wòyɔ tso go ɖeka yaseɖe go keme


Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!


Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo katã ɖe mi ɖaa atraɖii gblɔ bena: Mia dome amesiame netrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, miɖɔ miaƒe nuwɔnawo ɖo, eye migadze mawu tutɔwo yome, ne miasubɔ wo o; ekema mianɔ anyigba, si metsɔ na mia kple mia fofowo la dzi; ke mieƒu to anyi o, eye miegbe toɖoɖom.


Eye meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo katã de mi ɖaa atraɖii gblɔ bena: Migawɔ ŋunyɔnu sia, si melé fui la o.


Baba nam! Elabena ezu nam, abe alesi kutsetsegbeɣi kple weiuxaɣl nu yinae ene: weintsetsea ɖeke meli, ne woaɖu o, eye nye ve me le fiefiẽm ɖe kutsetse ŋgɔgbea ŋu.


Ɖe menye esia nye nya, si Yehowa tsɔ ɖe gbe ƒãe to nyagblɔɖila tsãtɔwo dzi, esime Yerusalem kple eƒe ɖu, siwo ƒo xlãe goɖoo la, li bɔkɔɔ, eye ame le wo me, eye ame le dziehe kple gbadzaƒe la oa?


Eye esi kutseɣi ɖo la, edo eƒe dɔlawo ɖo ɖe agbledelawo gbã, bena woaxɔ eƒe kutsetsewo vɛ.


Eye wòde asi nuƒoƒo me na wole lododowo me bena: Amea ɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe ɖe asi na agbledelawo heyi nugbe.


Eye wòlée, eye woƒoe, eye woɖoe ɖa asi ƒuƒlu.


eye amesi menyae o, ke wòwɔ nusi dze ƒoƒo la, woaƒoe ʋee. Eye amesiame, si wona nu geɖee la, woabia nu geɖe le esi; eye amesi wode nu geɖe, esi la, woabia nu geɖe wu le esi.


Eye le ɣeyiɣi nyui la dzi la edo dɔla ɖo ɖe agbledelawo gbɔ, bena woatsɔ weingble la ƒe kutsetsea ɖewo anɛ, ke agbledelawo ƒoe, eye wodoe ɖa asi ƒuƒlu.


Esime Mawu ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, eƒo nu kple miawo hã le ŋkeke mamletɔ siawo me le Via me,


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan