Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 11:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye ne amea ɖe lagblɔ na mi bena: Nukaŋuti miele esia wɔm mahã la, migblɔ be: Aƒetɔ la le ehiãm, eye enumake aɖoe ɖe afisia.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

3 Ne ame aɖe bia mi be nu ka ta miele ka ɖemee hã la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le ehiãm, eye aɖoe ɖa enumake.’ ”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 11:3
11 Iomraidhean Croise  

Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.


Dawid ƒe ha. Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi, xexeame kple eme nɔlawo.


eye wògblɔ na wo bena: Miyi ɖe kɔƒe, si le mia ŋgɔ la me, eye enumake, ne míage ɖe eme la, míakpɔ tedzivi, si wode kae, esi dzi amea ɖeke menɔ kpɔ o; mitui, eye mikplɔe vɛ.


Tete wodzo yi, eye wokpɔ tedzivi la, wode kae ɖe agbo la nu le xexe le mɔ to, eye wotui.


Eye eya ŋutɔ afia xɔ gãa ɖe mi le dziƒoxɔ me, si me woɖo nuwo ɖo, eye midzra afima do na mi.


Eye wodo gbe ɖa gblɔ bena: Aƒetɔ, wò amesi nya amewo katã ƒe dzime la, fia ame eve siawo dometɔ ɖeka, si nètia,


Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ.


eye menye amewo ƒe asiwò hã wotsɔna subɔnɛ, abe ɖe nane le ehiãm ene o, esi eya ŋutɔ na agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame,


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan