Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 11:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye esi wogogo Yerusalem te ɖe Betfage kple Betania ŋu le Amito la ŋuti la, edo eƒe nusrɔ̃lawo dome ame eve;

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Esi wogogo Betfage kple Betania le Yerusalem gbɔ, eye wova ɖo Amito la gbɔ la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woado ŋgɔ na yewo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 11:1
14 Iomraidhean Croise  

Eye Dawid lia amiti-togbɛ la, eye wòle avi fam le yiyim; etsyɔ nu ta, eye wòzɔ afɔ ƒuƒlu; ameha blibo, si le eŋu la, dometɔ ɖesiaɖe tsyo nu ta, eye wolia to la hele avi fam le yiyim.


Eƒe afɔ anɔ amito, si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe gome la dzi, eye amito la afe de titina kpla aɖo ta ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe; lo la ƒe afã ado ta anyiehe, eye afã aɖo ta dziehe; bali la me akeke ŋutɔ.


Eye wògblẽ wo ɖi do go tso dua me yi ɖe Betania, eye wòtsi afima dɔ.


Eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Amitoa dzi la, nusrɔ̃lawo va egbɔ wo tɔxe gblɔ bena: Gblɔe na mi, ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?


Eye le akpedahadzidzi vɔ megbe la wodo go yi ɖe Amito la ŋu.


eye wògblɔ na wo bena: Miyi ɖe kɔƒe, si le mia ŋgɔ la me, eye enumake, ne míage ɖe eme la, míakpɔ tedzivi, si wode kae, esi dzi amea ɖeke menɔ kpɔ o; mitui, eye mikplɔe vɛ.


Eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Amito la dzi hedze ŋgɔ mawuƒea la, Petro kple Yakobo kple Yohanes kpakple Andrea, woawo ɖeɖe biae bena:


Eye wòdo eƒe nusrɔ̃lawo dome ame eve gblɔ na wo bena: Miyi ɖe dua me, eye amea ɖe, si tsɔ tsize la, akpe mi, midze eyome;


Tete wòyɔ ame wuieve la va egbɔ, eye wòde asi wo dɔdɔ me eveveve; eye wòna ŋusẽ wo de gbɔgbɔ makɔmakɔwo dzi;


Ke Yesu dzo yi Amito la dzi.


Tete wotrɔ yi Yerusalem tso to si woyɔna be Amito la dzi, esi tsɔ ɖe Yerusalem gbɔ anɔ Sabat dzi ƒe azɔlizɔzɔ.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan