Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 10:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye esi wòdzo le afima la, eva Yudea-nutoawo me kple Yordan godo, eye amehawo gava ƒo ƒu ɖe egbɔ, eye abe alesi wònɔa wɔwɔm ene la, egafia nuwo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Kapernaum, eye woyi anyigbeme lɔƒo le Yudea nutowo me kple nuto si le Yɔdan ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la me. Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, amehawo va ƒo zi ɖe Yesu ŋu, eye wòfia nu wo abe ale si wòwɔnɛ ene.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 10:1
17 Iomraidhean Croise  

Nyagblɔla sia la menye nunyala ko o, ke boŋ eda sidzedze dukɔ la, edo nu kpɔ, edi nu gɔme, eye wòdo lo geɖewo.


Wotrɔ ʋume dem, eye menye ŋku me o, womeɖo to o, eye wodo toku ameɖeɖe, evɔ wònye wòfiã nu wo ɖaa atraɖi hafi.


Le gaƒoƒo ma dzi Yesu gblɔ na amehawo bena: Alesi wotsona ɖe hlɔ̃dola ŋuti la, nenemae mieva lé ye ge kple yiwo kple kpowo; gbãwotsyogbe mebɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me le nu fiãm, eye mielém kpɔ o.


Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.


Eye wodzo yi ɖe Kapernaum; eye enumake le Sabat-ŋkekea dzi la efia nu le ƒuƒoƒe la.


Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wobiae hele etem kpɔ bena: Alo woɖe ma na ŋutsu bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu mahã?


Eye esi Yesu le nu fiãm le mawuƒe la me la, exɔ dzi gblɔ bena: Aleke wɔ, eye agbalẽfialawo le gbɔgblɔm bena, Kristo la nye Dawid vi mahã?


Gbawotsyogbe menɔa mawuƒe la me kpli mi nɔa nu fiãm, ke mielém o; gake wowɔ esia, bena woawu ŋɔŋlɔawo nu.


Eve wògayi ɖe ƒu la nu, eye ameha la katã va egbɔ, eye wòfiã nu wo.


Eye wolia nu geɖewo le lododowo me, eye wògblɔ na wo le eƒe nufiafia me bena:


Eye esi Sabat ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la, eye ame geɖe, siwo see la, ƒe nu ku, eye wogblɔ bena: Afika amesia kpɔ nusiawo tsoe, eye nunya ka ƒomevi nye esi wonae mahã, ale be ŋusẽdɔ siawo va ve me to eƒe asi dzi mahã?


Eye esi Yesu do go la, ekpa ameha gãa de, eye eƒe dome tre de wo ŋuti, elabena wole abe ale, siwo nu kplɔla mele o ene, eye wòde asi nu geɖe tiatia me wo.


Eye eƒe mo wɔ yaa le woƒe dzimaxɔse la ŋuti. Eye wotsa le kɔƒe, siwo ƒo xlã afima la me hele nu fiãm.


Eye wògadzo yi ɖe Yordan godo, afisi Yohanes de mawutsi ta na amewo le gbã, eye wònɔ afima.


Esia megbe la egblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Mina, ne míagayi ɖe Yudea.


Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Nye la meƒo nu na xexeame le gaglãgbe, mefia nu ɖaa le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔ nyaa ɖeke le ɣaɣlaƒe kpɔ o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan