Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 1:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye amesiwo le Yudea-nyigba dzi, kple Yerusalemtɔwo katã do go va egbɔ, eye wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, esi woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

5 Ame geɖe ŋutɔ tso Yerusalem kple Yudea nutowo me yi gbea dzi be yewoakpɔ Yohanes, eye yewoase gbedeasi si wòtsɔ vɛ la. Esi ame siawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me nɛ vɔ la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 1:5
15 Iomraidhean Croise  

Mede nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetso nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem. Sela.


Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.


Eye ameha geɖewo dze eyome tso Galilea kple Dekapoli kple Yerusalem, Yudea kpakple Yordan godo.


Yohanes va do, amesi de mawutsi ta na amewo le gbeadzi, eye wòɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname hena nuvɔ̃keke.


Eye kposɔfuwu le Yohanes ŋu, eye lãgbalẽlidziblanu le eƒe ali dzi, eye woɖua ʋetsuviwo henoa gbemenyitsi.


Nusiawo va ve me le Betania le Yordan godo, afisi Yohanes le mawutsi dem ta na amewo le.


Ke Yohanes hã le mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi geɖe le afima, eye amewo va, eye wona wòde mawutsi ta na wo.


Eyama enye akaɖi, si le bibim, eye wòle keklẽm; ke miawo la miedi be, yewoakpɔ dzidzɔ gaƒoƒo ɖeka le eƒe keklẽ la me.


Eye amesiwo xɔe se la dometɔ geɖewo hã va, eye woʋu me hele woƒe nuwɔwɔwo fiam.


Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woade mawutsi ta nɛ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.


Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.


Tete Yosua gblɔ na Axan bena: Vinye, de bubu Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, eye na woakafui! Gblɔe nam dzro, nuka gɔ̃ nèwɔ? Megada alakpa nam o!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan