Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Luka 4:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye Abosam le etem kpɔ ŋkeke blane sɔŋ. Eye meɖu naneke le ŋkeke mawo me o, eye esi ŋkekeawo wu nu la, dɔ wui.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 Enɔ afi ma ŋkeke blaene, eye Abosam va tee kpɔ le ŋkeke siawo katã me. Meɖu naneke le ŋkeke siawo katã me o, ale dɔ wui vevie.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Luka 4:2
16 Iomraidhean Croise  

Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.


Tete wòtsi tre ɖu nu no nu, eye nuɖuɖu sia do ŋusẽe wòzɔ ŋkeke blane kple zã blane vaseɖe Mawu ƒe to Xoreb gbɔ.


Yi ɖaƒo Yudatɔ, siwo katã le Susa la nu ƒu, eye mitsi nu dɔ le tanye, migaɖu nu o, eye migano nu o zã kple keli ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mía kple nye nyɔnudɔlawo hã míatsi nu adɔ alea, eye manɔ alea ayi fia la gbɔ menye le sekɔ la nu o, eye ne meku la, ɖe meku!


Eye Mose to alilikpoa me lia to la, eye Mose nɔ toa dzi ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ.


Eye wono Yehowa gbɔ afima ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ, abolo maɖumaɖu kple tsi manomanoe. Eye woŋlɔ nubabla ƒe nya ewoawo ɖe kpeawo dzi.


Eye wòna wodo kpo gblɔ le Niniwe ɖe fia kple eƒe amegãwo ƒe se nu bena: Amegbetɔwo kple lãwo, nyiwo-kple alẽwo megade naneke nu me o; womegaɖu gbe alo ana tsi o,


Ke esi wògayina ɖe ɖua me le ŋdi me la, do wui.


Eye esi wòtsi nu do ŋkeke blane kple zã hã blane megbe la, do va wui.


Eye Abosam gblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema gblɔ na kpe sia, ne wòatrɔ zu abolo.


eye Yakob ƒe vudo le afima. Eye esi mɔzɔzɔ te ɖeɖi Yesu ŋu la, ebɔbɔ na anyi nenema ke ɖe vudo la to, anɔ gaƒoƒo adelia me.


Eye mede ta agu ɖe Yehowa ŋku me abe tsã ene, ŋkeke blane kple zã blane, abolo maɖumaɖu kple tsi manomano le miaƒe nuvɔ̃, siwo katã miewɔ la ta; elabena miewɔ vɔ̃ hedo dziku na Yehowa.


Ale mede ta agu na Yehowa, eye metsi nenema ŋkeke blane kple zã blane, le esi Yehowa gblɔ be, yeatsrɔ̃ mi ta.


Esi meyi to la dzi, be maxɔ kpeawo, esiwo dzi nusi Yehowa bia kpli mi le la, metsi to la dzi ŋkeke blane kple zã blane abolo maɖumaɖu kple tsi manomano;


Elabena esi wòkpe fu, eye wotee kpɔ ŋuti la, ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna.


Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.


Ke Filistitɔ la tena vana ŋdi kple fiẽ va tsia tre ɖi ŋkeke blane sɔŋ.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan