Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Luka 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 enyo nye hã ŋu, esi medzro wo katã me kpɔ tsitotsito vaseɖe egɔme ke bena, maŋlɔe na wò ɖekaɖeka, amegã Teofil,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

3 Eya ta enyo nye hã ŋunye, le esi medzro nuwo me tsitotsito tso gɔmedzedzea me ke, be magbugbɔ aŋlɔe ɖe ɖoɖo nu na wò, nye bubutɔ Teofilos,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Luka 1:3
17 Iomraidhean Croise  

Woayra ŋutsu, si tsɔ eƒe ŋuɖoɖo ɖo Yehowa dzi, eye metrɔ eɖokui ɖe ɖadzraɖalawo kple amesiwo ku ɖe aʋatsokaka ŋu la, ŋuti o.


Nusiawo wɔm nèle, eye mezi kpi; eyata nèle bubum be, ɖe mele abe wò ene. Maka mo na wò, eye matsɔe aɖo ŋkuwò me!


ne mafia wò be, nyateƒenyawo le eteƒe, eye nahe nya vavãwo ayi na amesiwo ɖɔ wò la oa?


Nyagblɔla sia la menye nunyala ko o, ke boŋ eda sidzedze dukɔ la, edo nu kpɔ, edi nu gɔme, eye wòdo lo geɖewo.


Esi ame geɖewo tso asi de nyatotoa ɖoɖo me le nyadzɔdzɔ, siwo nu wowu le mía dome la ŋuti,


Teofil, meŋlɔ nya gbãtɔ na wò le nusiwo katã Yesu de asi wɔwɔ kple fiafia me;


Tete Petro dze gɔme heto nya la na wo ɖekaɖeka bena:


Eyaŋuti nye la mebu bena, miagaɖe fu na amesiwo trɔ tso trɔ̃subɔlawo dome va Mawu gbɔ la o,


Enyo mía ŋu, esi mieƒo nu ɖekae be, míadɔ ŋutsu tiatiawo akpe ɖe míaƒe lɔlɔ̃tɔwo, Barnaba kple Paulo ŋu aɖo ɖe mi,


Elabena enyo Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple miawo hã ŋu be, míagatsɔ agba gãa ɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o,


Esi wòna afima ʋee la, edzo yi ɖato Galatia- kple Frigia-nutowo me ɖekaɖeka hele ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã.


Klaudio Lisia tsɔ esia ɖuɖɔ mɔ̃mefia nyui Felike ƒã!


Esi miekpɔ bena, to dziwò miekpɔ tomefafa geɖe kple nuwo ɖɔɖɔɖo to wò beléle na dukɔ sia me la, miaƒe ŋkuwo le nusiawo katã dzi le afisiafi kple akpeawo katã ɖada na wò, Felike nyui.


Ke Paulo gblɔ bena: Nyemele tsu kum o, amegã nyui Festo; hafi boŋ nyateƒe kple tamebubunyawo gblɔm mele.


Ke le nɔvi Apolo ŋuti la, meɖe kuku nɛ ŋutɔ bena, eya kple nɔviawo nayi mia gbɔ, eye menye eƒe lɔlɔ̃nu kura be, yeava mia gbɔ fifi o, ke ne ekpɔ asinu nyui la, ava.


Ke nenye be, enɔ anyi nenema srɔ̃maɖemaɖee la, woayrae awu le nye tamesusu nu. Ke mebuna bena, Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le nye hã menye.


Ne ètsɔ nusiawo ɖo nɔviawo ŋku me la, anye Yesu Kristo ƒe subɔla nyui, si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia nyui, si yome nèdze la me.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan