Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Hosea 8:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena Efrayim ɖi vɔsamlekpuiwo kpaŋkpaŋ, ne wòatsɔ awɔ nutala, eye vɔsamlekpuiawo zu nuvo nɛ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

11 “Efraim tu vɔsamlekpui geɖewo, hena nu vɔ̃ vɔsa, gake menye nyee wòtu wo na o. Wotu wo hena nu vɔ̃ wɔwɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Hosea 8:11
8 Iomraidhean Croise  

Eyata matsɔ mi aƒu gbe tso anyigba sia dzi ɖe anyigba, si mia kple mia fofowo mienya o la dzi, gama miasubɔ mawu tutɔwo le zã kple keli, elabena nyemele mia nu ve ge o.


Wotsɔ ganuŋlɔnu kple lotamekpe tsutsuẽ ŋlɔ Yuda ƒe nuvɔ̃wo ɖe woƒe dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi kple woƒe vɔsamlekpuiwo ƒe dzowo ŋu.


Woatsrɔ̃ nuxeƒe, siwo Israel tsa wɔ nuvɔ̃e la ɖa le Awen, ŋuwo kple aŋɔkawo alo ɖe woƒe vɔsamlekpuiwo dzi, eye woagblɔ na towo bena; Mitsyɔ mía dzi! eye na togbɛwo be: Mimũ dze mía dzi!


Meƒo nu kple nyagblɔɖilawo, mede ŋutega gedewo fia, eye mede lowo to nyagblɔdilawo dzi.


Woƒe nuwɔnawo xe mɔ na wo, be womagatrɔ ɖe woƒe Mawu ŋu o, elabena ahasiwɔgbɔgbɔ le wo me, eye womedze si Yehowa o.


Eye miasubɔ mawuwo le afima, esiwo amegbetɔwo tsɔ ati kple kpe wɔe, womekpɔa nu o, eye womesea nu o, womeɖua nu o, eye womeʋẽa nu sena o la.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan