Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Galatiatɔwo 1:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Paulo, si nye apostolo — menye amewo gbɔ wòtso, eye meto amea ɖeke hã dzi o, ke boŋ eto Yesu Kristo kple Mawu Fofo, si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la dzi la —

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Nye Paulo, apostolo si ame aɖeke medɔ o, eye menye ame aɖeke hã dzi meto o, ke boŋ to Yesu Kristo kple Mawu, Fofo si fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la gbɔe agbalẽ sia tso.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Galatiatɔwo 1:1
35 Iomraidhean Croise  

Mia kple Fofonye la ɖekae míele.


Tete Yesu gagblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi! Sigbe alesi Fofo la dom ɖa ene la, nenema ke nye hã mele mia dɔm ɖa.


Tete Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, ne menye Fofoae le ewɔm wòkpɔ o; elabena nusiwo ke wɔm eyama le la, esiawo Vi la hã wɔna nenema ke.


Eye megblɔ bena: Nuka mawɔ, Aƒetɔ? Ke Aƒetɔ la gblɔ nam bena: Tsi tre, ne nayi Damasko: eye afima woagblɔ nusiwo katã woɖo ɖi na wò be nawɔ la, na wò.


eye miewu agbefia la, amesi Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, esi ƒe ɖaseɖilawo miawo míenye.


Eye esi wòle dzodzom nyanyanya, eye dzidzi ƒoe la, egblɔ bena; Aƒetɔ, nuka dim nèle, be mawɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Tsi tre, eye nayi ɖe dua me, eye woagblɔ nusi ele be, nawɔ la na wò.


Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, si woyɔ, eye wotia hena Mawu ƒe nyanyuie,


Elabena ne èʋua eme kple wò nu bena, Yesu ye nye Aƒetɔ la, eye nèxɔna sena le wò dzi me bena, Mawu fɔ eyama ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, akpɔ xoxo;


Elabena esia ŋuti Kristo ku, eye wògagbɔ agbe ɖo, bene wòaɖu Aƒetɔ ɖe ame kukuwo kple ame gbagbewo siaa dzi.


Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo si woyɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la, kpakple nɔvi Sostenes,


Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, kple nɔvi Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto, kple ame kɔkɔe, siwo katã le Axaya blibo la katã:


Ke esime wòdze Mawu, si tiam le danye ƒe dome ke, eye wòto eƒe amenuveve me yɔm la ŋu,


eye nyemeyi Yerusalem ɖe amesiwo tre apostolonyenye nam la gbɔ o, ke boŋ metɔ dzi heyi ɖe Arabia, eye megagbugbɔ va Damasko.


nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,


Paulo, Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, le agbe ƒe ŋugbedodo, si le Kristo Yesu me la nu,


ke eɖe eƒe nya la fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi le gbeƒãɖeɖe, si wòtsɔ de asi nam la me, le Mawu, mía xɔla ƒe sedede la nu,


Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,


Esi wova Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la gbɔ le Gilead-nyigba dzi la, wogblɔ na wo bena:


mi amesiwo to eyama dzi xɔ Mawu, amesi fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe nɛ la dzi se, ale bena miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nanɔ Mawu dzi.


kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.


eye tso Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula la gbɔ! Amesi lɔ̃a mí, eye wòtso eƒe ʋu klo míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti,


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Smirna la, ƒe dɔla bena: Amesi nye gbãtɔ kple mlɔetɔ, amesi ku, eye wògbɔ agbe la, eyae gblɔ esiawo bena:


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan