Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filemon 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena, nɔvi, miekpɔ dzidzɔ geɖe kple akɔfafa le wò lɔlɔ̃ la ŋuti, le esi ame kɔkɔewo ƒe dziwo kpɔ gbɔɖeme to dziwò la ta.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

7 Wò lɔlɔ̃ na dzidzɔ kple dzideƒo gã aɖem, elabena wò, nɔviŋutsu, tsɔ dzidzɔ de ame kɔkɔeawo ƒe dziwo me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filemon 1:7
11 Iomraidhean Croise  

Elabena wona mia kple miaƒe gbɔgbɔ la gbɔ ɖe eme; eyata midze si nenem me siawo.


Eyaŋuti wofa akɔ na mí; ke hekpe ɖe míaƒe akɔfafa sia ŋuti la miekpɔ dzidzɔ geɖe wu le Tito ƒe dzidzɔ la ŋuti, esi eƒe gbɔgbɔ kpɔ gbɔɖeme tso mi katã mia gbɔ la ŋuti.


Dzideƒo geɖe lé asinye le mia ŋuti, meƒo adegbe geɖe hã le mia ŋuti, akɔfafa yɔm taŋ, megba go le dzidzɔkpɔkpɔ me le míaƒe xaxa katã me.


eye ɖaa míeɖoa ŋku miaƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ƒe agbagbadzedze kpakple mɔkpɔkpɔ na mía Aƒetɔ Yesu Kristo la ƒe dzidodo le Mawu, mía Fofo ƒe ŋku me la dzi.


Eye le esia ta míawo hã miedaa akpe na Mawu ɖaa bena, esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã, si hã sẽa ŋu le mi, amesiwo xɔnɛ sena la me ene.


Elabena amekae nye míaƒe mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ kple adegbeƒoƒo ƒe fiakuku la, ne menye miawo hãe le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋku me le eƒe vava la me o mahã?


Elabena akpedada ka míate ŋu atso aɖo teƒe na Mawu le mia ta le dzidzo katã, si míekpɔna le mia ta le mía Mawu ŋku me la ŋuti mahã?


Aƒetɔ la nakpɔ nublanui na Onesiforo ƒe aƒe la; elabena ena nye dzi gbɔ ɖe eme enuenu, eye ŋu mekpenɛ le nye kɔsɔkɔsɔwo ŋuti o;


Ẽ, nɔvi, na nye la makpɔ viɖe tso gbɔwò le Aƒetɔ la me; na nye dzi nagbɔ ɖe eme le Kristo me!


Dzi dzɔm ŋutɔ bena, mekpɔ viwòwo dometɔa ɖewo le nyateƒe la me zɔm, abe alesi miexɔ se tso Fofo la gbɔ ene.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan