Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filemon 1:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 kple Marko kple Aristarxo kple Dema kpakple Luka, hanyedɔwɔlawo, ɖuɖɔ mi ƒã.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

24 Marko, Aristako, Dema kple Luka, nye hadɔwɔlawo hã do gbe na mi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filemon 1:24
15 Iomraidhean Croise  

Eye esi wòle eŋuti bum la, eva Maria, Yohanes, si woyɔna be Marko la, dada ƒe xɔ nu, afisi ame geɖewo ƒo ƒu do hele gbe dom ɖa la.


Eye Barnaba kple Saul, esi wowu subɔsubɔdɔ nu la, wogbugbɔ tso Yerusalem, eye wotsɔ Yohanes, si woyɔna be Marko la, kpe ɖe wo ɖokui ŋu.


Eye esi Paulo kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, ɖo ʋu tso Pafo la, wova Perge le Pamfilia. Eye Yohanes dzo le wo gbɔ gatrɔ yi Yerusalem.


Eye du blibo la katã yɔ fũ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ, eye woƒu du r--- kple tame ɖeka yi ɖe dukɔ la ƒe takpeƒe, eye wohe Gayo kple Aristarxo, Makedoniatɔ, siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhawo la, yii.


Eye esi mieɖo Adramitio-ʋua ɖe, si le didim be, yeadze ɖe Asia ƒe ʋudzeƒewo la, míeho yi; eye Makedoniatɔ Aristarxo, si tso Tesalonika la, kpe ɖe mía ŋu.


Le Tito gome la, nye zɔhɛ wònye, eye hadɔwɔla wònye le mia gbɔ; le nɔvi, siwo tso mía gbɔ gome la, hame ƒe ame dɔdɔwo wonye kple bubu na Kristo.


Gake la mebu bena, ele vevie be, madɔ nɔvinye Epafrodito, si nye hanyedɔwɔla kple hanyeʋawɔla kple miaƒe apostolo kpakple nye nuhiahiã ƒe dɔla la, aɖo ɖe mi;


Ẽ, mele kuku dem na wò hã, hanyedɔwɔla vevi, bena naxɔ na nyɔnu siawo; elabena wodze agbagba le nyanyuie la la hekpe ɖe mía kple Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo, amesiwo, ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la ŋuti.


Aristarxo, hanyegatɔ, kple Marko, Barnaba srɔ̃nyi, si ŋuti miexɔ ɖu le la — ne eva mia gbɔ la, mixɔe —


Luka, atikewɔla lɔlɔ̃tɔ la, kple Dema woɖuɖɔ mi ƒã.


Hame, si wolia kpakpli mi le Babilon kple vinye Marko ɖuɖɔ mi ƒã.


Eyata ele na mí be, miaxɔ nenem me siawo, bene míazu woƒe hadɔwɔlawo na nyateƒe la.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan