Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filemon 1:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke dzra dzeƒe ɖo ɖi na nye hã; elabena mele mɔ kpɔm bena, to miaƒe gbedodoɖawo me la woatsɔm ake mi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

22 Meɖe kuku be nàdi amedzroxɔ aɖe da ɖi nam, elabena mele mɔ kpɔm be Mawu ase miaƒe gbedodoɖa, eye woana mava mia gbɔ kpuie.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filemon 1:22
13 Iomraidhean Croise  

Paulo, megavɔ̃ o, ele na wò be, natsi tre ɖe kaisaro ƒe ŋku me, eye kpɔ ɖa, Mawu tsɔ amesiwo katã ɖo ʋua kpli wò la ke wò.


Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.


gbesigbe ke madze mo ayi Spania la, mava mia gbɔ; elabena mele mɔ kpɔm bena, ne mele afima mɔ tom la, mava kpo mi ɖa, eye miaɖom ɖa ayi afima, ne mia kpɔkpɔ naɖi ko nam ʋee hafi.


Esi miawo hã míetsɔa miaƒe kukuɖeɖe kpena ɖe mía ŋuti, bene ame geɖe nada akpe le mía ta le amenuvevenunana, si ame geɖe ƒe kukuɖeɖe na wòsu mia si la ŋuti.


elabena menyae bena, esia atrɔ zu agbexɔxɔ nam to miaƒe kukuɖeɖe kple Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ la ƒe kpekpeɖeŋu me,


ke meɖo dzi ɖe Aƒetɔ la ŋu bena, nye ŋutɔ hã mava kpuie.


Ke mele nu xlɔ̃m mi geɖe wu bena, miawo esia, bene woagatsom ana mi kaba.


Minyae bena, woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu; ne eva kaba la, mia kplii míakpɔ mi.


Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.


Nya geɖe gali be, maŋlɔ aɖo ɖe mi; gake nyemelɔ̃ be, matsɔ agbalẽ kple agbalẽŋlɔtsi aŋlɔ wo o, ke boŋ mele mo kpɔm be, mava mia gbɔ, eye ne mieɖo go ŋku me kple ŋku me la, míaƒo nu, bene miaƒe dzidzɔ nazu blibo.


ke mele mɔ kpɔm bena, mava akpɔ wò ɖa kaba, eye ne mieɖo go ŋku me kple ŋku me la, míaƒo nu.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan