Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filemon 1:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ẽ, nɔvi, na nye la makpɔ viɖe tso gbɔwò le Aƒetɔ la me; na nye dzi nagbɔ ɖe eme le Kristo me!

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

20 Ɛ̃, nɔvi lɔlɔ̃a, na wò nu sia wɔwɔ nam kple lɔlɔ̃ nanye viɖe nam le Aƒetɔ la me, ekema nye dzi agbɔ ɖe eme le Kristo me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filemon 1:20
14 Iomraidhean Croise  

Elabena wona mia kple miaƒe gbɔgbɔ la gbɔ ɖe eme; eyata midze si nenem me siawo.


Elabena ne nye la mena míexa nu la, amekae nye amesi ado dzidzɔ nam, negbe amesi kekeake mena wòxa nu lae?


Eyaŋuti wofa akɔ na mí; ke hekpe ɖe míaƒe akɔfafa sia ŋuti la miekpɔ dzidzɔ geɖe wu le Tito ƒe dzidzɔ la ŋuti, esi eƒe gbɔgbɔ kpɔ gbɔɖeme tso mi katã mia gbɔ la ŋuti.


Elabena Mawue nye nye ɖaseɖila, alesi mi katã miele dzroyem vevie le Yesu Kristo ƒe dɔmetɔtrɔ la me.


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔ, siwo le dzroyem, nye dzidzɔ kple nye fiakuku la, minɔ tsitre sesĩe nenema le Aƒetɔ la me, nye lɔlɔ̃viwo!


amesi megbugbɔ le ɖoɖom ɖe wò la. Wò la xɔ eyama, eyae nye nye ŋutɔ nye dzi,


Elabena, nɔvi, miekpɔ dzidzɔ geɖe kple akɔfafa le wò lɔlɔ̃ la ŋuti, le esi ame kɔkɔewo ƒe dziwo kpɔ gbɔɖeme to dziwò la ta.


Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawo esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖea ɖeke na mi o.


Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wosẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã?


Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan