Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 8:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo ɣemaɣi le dzinu etɔ̃lia, si nye dzinu Siwan la ƒe ŋkeke blave vɔ etɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ la, abe alesi Mardoxai de se pɛpɛpɛ ene, le anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe dukɔ sia dukɔ: ƒe gbegbɔgblɔ, me, le Yudatɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe woƒe gbegbɔgblɔ me, ɖo ɖe Yudatɔwo kple amegãwo, anyigba dzikpɔlawo kple anyigbawo ƒe tatɔwo tso India vaseɖe Kus, wole anyigba alafa ɖeka kple blave vɔ adre

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

9 Enumake woyɔ agbalẽŋlɔla siwo le fia la ƒe dɔ me la vɛ le ɣleti etɔ̃lia si woyɔna be, Sivan la ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-etɔ̃a gbe. Azɔ woŋlɔ Mordekai ƒe gbedeasi siwo ɖom wòle ɖe Yudatɔwo, dumegãwo, mɔmefiawo kple bubume siwo le nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre (127) si keke tso India yi ɖase ɖe Kus ƒe liƒowo dzi ke la me. Woŋlɔ gbedeasi siawo ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me, eye woŋlɔe na Yudatɔwo hã ɖe woƒe degbe me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 8:9
10 Iomraidhean Croise  

Tete Elyakim, Xilkiya vi, kple Sebna kpakple Yoax wogblɔ na Rabsake bena: Taflatse, ƒo nu kple wò dɔlawo ɖe Aram-gbe me, elabena míawo míesenɛ, eye megaƒo nu kpli mí ɖe Yuda-gbe me ɖe dukɔ, si le glia dzi la, ƒe to me o.


Eye wova kpe ta ɖe Yerusalem le Asa ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me le dzinu etɔ̃lia dzi.


Eva me le Axasweros ŋɔli — eya nye Axasweros, si ɖu anyigba alafa ɖeka kple blave vo adre dzi, tso India vaseɖe Kus —


eye wòɖo agbalẽ ɖe fia ƒe anyigbawo katã dzi le anyigba sia anyigba kple eƒe nuŋɔŋlɔ kple dukɔ sia dukɔ kple eƒe gbegbɔgblɔ nu be: Ŋutsu sia ŋutsu enye aƒetɔ ɖe eƒe me eye eƒemetɔwo nabui.


Fia Axasweros ɖo nuɖzɔɖzɔ na anyigba la kple atsiaƒu me ƒukpowo.


Nye Nehukadnezar menɔ aƒenye me bɔkɔɔ, eye meɖu agbe le nye fiasã me.


Mediatɔ Dario xɔ fiaɖuƒe la, esime wòtsi xɔ ƒe blaade vɔ eve.


Eye fia la ɖe se be, woatsɔ ŋutsu, siwo tso Daniel nu, wo viwo kple wo srɔ̃wo aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do la me; ke womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzatawo tso wo xɔ, eye wogbã woƒe ƒuwo katã o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan