Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 8:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke miawo miŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yudatɔwo le fia ƒe ŋkɔ me, alesi dze mia ŋu, eye mitsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete; elabena agbalẽ, si woŋlɔ le fia ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete la, womate ŋu atrɔe o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

8 Azɔ la, ŋlɔ agbalẽ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me ɖe Yudatɔwo katã nu; ŋlɔ nya sia nya si nàdi be yeagblɔ la le fia la ƒe ŋkɔ me, eye nàtre agbalẽ la nu kple nye ŋkɔsigɛ ale be womagate ŋu atrɔe o, elabena nu sia nu si woŋlɔ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me, eye wotre enu kple eƒe ŋkɔsigɛ la, womate ŋu atrɔe gbeɖe o.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 8:8
9 Iomraidhean Croise  

Eye woŋlɔ agbalẽ ɖe Axab ƒe ŋkɔ dzi, etsɔ eƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ edzi, eye wòɖo agbalẽ la ɖe eƒe dumegãwo kple bubumewo, amesiwo kple Nabot wole afi ɖeka.


Ne edze fia ŋu la, ekema woade fia ƒe se, eye woaŋlɔe ɖe Persiatɔwo kple Mediatɔwo ƒe se la me, eye womada edzi o be: Wasti mekpɔ mɔ agava fia Axasweros ŋku me o, eye fia la natsɔ eƒe fianyenye ana nyɔnu bubu, si nyo wui.


Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wutetɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ, abe alesi Haman de see ene, ɖe anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ kple dukɔ sia dukɔ ƒe gbegbɔgblɔ nu heɖo ɖe fia ƒe amegãwo kple anyigba dzikpɔla, siwo le anyigba sia anyigba nu kpakple dukɔ sia dukɔ ƒe tatɔwo; woŋlɔe le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete.


Woŋlɔ agbalẽ la le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete, eye wòde agbalẽawo duxɔlawo, siwo nye sɔɖolawo, eye wodo fia ƒe sɔ ɖiduwo la, si ɖo ɖa


gblɔ bena: Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye, ne nya sia nyo fia ŋu, eye nye nu nyo fia ŋu la, ekema nena woaŋlɔ agbalẽ, ne woagblẽ agbalẽ, si Hamedata vi Haman, Agagitɔ, ŋlɔ heɖo ta me be, yeatsrɔ̃ Yudatɔwo le fia ƒe anyigbawo katã dzi la me.


Fiaɖuƒe la ƒe tatɔwokatã, anyigbanunɔlawo, amegãwo, aɖaŋudelawo kple dzikpɔlawo de adaŋu be, fia la naɖo ɖoɖo, eye wòade se sesẽa de be, amesiame, si abia nu mawu alo amegbelɔ bubua ɖe le ŋkeke blaetɔ̃ me, eye menye tso wò fia si ko o la, wotsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe ɖo me.


Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan