Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 8:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete fia Axasweros gblɔ na fiasrɔ̃ Ester kple Yudatɔ Mardoxai bena: Kpɔ ɖa, metsɔ Haman ƒe aƒe na Ester, eye wohe eya ŋutɔ ɖe ati ŋu, le esi wòɖo eƒe asi dzi ɖe Yudatɔwo ŋu la ta.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

7 Fia Ahasuerus ɖo eŋu na Fiasrɔ̃ Ester kple Mordekai, Yudatɔ la be, “Esi Haman tso ɖe Yudatɔwo ŋuti ta la, mexɔ eƒe nunɔamesiwo katã tsɔ na Ester, eye mena wode ka ve na eya ŋutɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 8:7
7 Iomraidhean Croise  

Esi Axasweros le fia ɖum la, woŋlɔ agbalẽ tso Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo nu le eƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me.


Eye wohe Haman ɖe ati, si wotu ɖe Mardoxai ŋu la ŋuti Azɔ fia ƒe dziku la nu fa.


Eye Xarbona, amesi nye aƒe ɖzikpɔlawo dometɔ ɖeka la, gblɔ le fia ŋku me bena: Kpɔ ɖa, Haman tu atia ɖe ɖe Mardoxai ŋu, evɔ wònye eƒo nu nyuie le fia ŋuti hafi; ele Haman-ƒe me, eye wòkɔ abɔklugui blaatɔ̃! Tete fia la gblɔ be: Mihee ɖe eŋu!


Gbemagbe fia Axasweros tso Yudatɔwo ƒe ketɔ Haman ƒe aƒe na fiasrɔ̃ Ester. Eye Mardoxai va fia la ŋku me, elabena Ester gblɔ amesi wònye la nɛ.


Viwo ƒe viwo nyia dɔmenyotɔ ƒe dome; ke wodzraa nuvɔ̃wɔla ƒe nuwo ɖo ne ame dzɔdzɔe.


Kristo xe fe ɖe mia ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la,“


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan