Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 8:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 gblɔ bena: Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye, ne nya sia nyo fia ŋu, eye nye nu nyo fia ŋu la, ekema nena woaŋlɔ agbalẽ, ne woagblẽ agbalẽ, si Hamedata vi Haman, Agagitɔ, ŋlɔ heɖo ta me be, yeatsrɔ̃ Yudatɔwo le fia ƒe anyigbawo katã dzi la me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

5 Egblɔ be, “Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye hebui be enye nu nyui yeawɔ, eye ne nye nu nyo fia la ŋu la, na be woaŋlɔ agbalẽ bubu atsɔ ate fli ɖe ɖoɖo si Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ la wɔ heŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe amewo le fiaɖuƒe la katã me be woatsrɔ̃ Yudatɔwo la me,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 8:5
9 Iomraidhean Croise  

Eye fia la lɔ̃a Ester wu nyɔnuwo katã, eƒe nu nyo eŋu, eye wòve enu wu ɖetugbiawo katã, etsɔ fiakuku la dɔ nɛ, eye wòtsɔe ɖo fiasrɔ̃e ɖe Wasti teƒe.


eye nyɔnuvi, si adze fia ŋu la, eya nanye fiasrɔ̃ ɖe Wasti teƒe! Tete nya la dze fia la ŋu, eye wòwɔ nenema.


Le nya siawo megbe la fia Axasweros do gã Haman, Hamedata vi, si nye Agagitɔ la, gãe edoe ɖe dzi, eye wotsɔ eƒe zikpui ɖo amegã, siwo katã le eŋu la tɔwo ŋgɔ.


Ne fia la ve nunye, eye ne edze fia la ŋu be, wòana nye nubiabiam, eye wòawɔ nye didi dzi la, ekema, ne fia kple Haman wova kplɔ̃, si magaɖo na wo ŋu la, mawɔ fia ƒe nya la dzi etsɔ.


Fiasrɔ̃ Ester ɖo ŋu gblɔ bena: Fia, ne eve nunye, eye ne edze fia ŋu la, ekema woatsɔ nye agbe kem le nye biabia nu, eye woatsɔ nye dukɔ nam le nye didi nu!


Ne evɔ nunye vavã la, ekema na manya wo mɔwo, eye madze si wò be eve nunye. Kpɔ ɖa, amena siawo mewo dukɔ la.


Eye nuka gɔ woatsɔ adze sii bena, eve mia kple wo dukɔ la nu, ne meyi kpli mí, bena wòadze sii be, wòe tia mia kple wò dukɔ la le anyigba dzi dukɔwo katã dome oa?


Egblɔ be: Na mayi, elabena míaƒe ƒome le vɔ sa ge le dua me, eye nɔvinye ɖo du ɖem: ne ève nunye la, ekema ɖe mɔ nam, ne mayi aɖakpɔ nɔvinyewo ɖa. Eyata meva fia ƒe kplɔ̃ ŋu o ɖo.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan