Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 7:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena wotsɔ mía kple nye dukɔ dzra, be woatsrɔ̃ mí, woawu mí, eye woagblẽ mía dome. Ɖe wònye ɖe wotsɔ mí dzra míenye kluviwo kple kosiviwo la, anye ne mezi kpi, elabena anye ne ketɔ la mana gbegblẽ nava fia dzi o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

4 elabena wotsɔ nye kple nye amewo dzra be woagbã mi, woawu mí, eye woatsrɔ̃ mi, gake ne woadzra mí míazu kluviwo kple kosiviwo ɖeɖe ko la, anye ne mazi ɖoɖoe, gake nunana si ŋugbe futɔ la do la, made nu gbogbo siwo fia la abu la nu o.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 7:4
18 Iomraidhean Croise  

Azɔ mía nɔviwo ƒe ŋutilã le abe míaƒe ŋutilã ene, eye wo viwo le abe mía viwo ene; kpɔ ɖa, ele na mí be, míatsɔ mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo awɔ kluviwoe, gɔglɔ̃gɔ la mía vinyɔnuwo dometɔa ɖewo zui xoxo, eye ŋusẽa ɖeke mele mía si o, elabena míaƒe agblewo kple míaƒe weingblewo zu eme bubuwo tɔ!


Tete wode agbalẽ la duxɔlawo si ɖo ɖe fia ƒe anyigbawo katã dzi, be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, woawu wo, eye woagblẽ wo, ɖeviwo kple tsitsiawo, vidzĩewo kple nyɔnuwo siaa le ŋkeke ɖeka dzi le dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye woaha woƒe nuwo.


Ne edze fia ŋu la, ekema nena woaŋlɔ agbalẽ, ne woawu wo, eye mada klosalo talento akpe ewo na dzikpɔla wo woatsɔ ade fia ƒe kesinɔnuwo me.


Tete fia, Axasweros xɔ dzi gblɔ na fiasrɔ̃ Ester bena: Amekae nye amesi ɖo nusia ɖe ta me be, yeawɔ, eye afika eyama le?


Ester ɖo ŋu bena: Ketɔ kple futɔ lae nye Haman vɔ̃ɖi sia! Tete Haman ɖi vo le fia kple fiasrɔ̃ ŋku me.


be: Fia la ɖe mɔ na Yudatɔ, siwo le du sia du me be, woaƒo ƒu aʋli woƒe agbe ta, eye woatsrɔ̃: dukɔ kple anyigbawo ƒe aʋakɔ, siwo xaxa wo ɖo la, woawu wo, eye woagblẽ wo dome, vidzĩewo kple nyɔnuwo siaa, eye woaha woƒe nuwo


Elabena aleke mate ŋu, akpɔ dzɔgbevɔ̃e, si ava nye dukɔ dzi la kple ŋku, eye aleke mate ŋu akpɔ, alesi wole nye ƒɔmetɔwo tsrɔ̃mi la kple ŋku?


Ke esi Ester va fia la ŋku me la, ede se woŋlɔ agbalẽ, be eƒe tame vɔ̃, si wòɖo de Yudatɔwo ŋu la, natrɔ va eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye wohe eya kple viawo de ati ŋu.


Eye Dario kpɔ be, enye, ne yeaɖo amegã alafa ɖeka kple blave fiaɖuƒe la nu, amesiwo anɔ fiaɖuƒe blibo la me.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Israel ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena etsɔ ame dzɔdzɔe dzra ɖe ga nu kple hiãtɔ ɖe atokota dodo ɖeka nu.


Ke ne dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la ƒe vava he ɖe megbe, eye wòaɖe asi dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu, eye wòamu aha;


Yehowa akplɔ mi ade ʋu agbugbɔ aɖo ɖe Egipte ato mɔ, si megblɔ na mi be, migato o la dzi, eye woadzra mi le afima na miaƒe futɔwo mianye kluviwo kple kosiviwo, eye womakpɔ mia ƒlelawo gɔ̃ hã o.


Eyata aɖi mia ŋu, eye dɔlawo, naketɔlawo kple tɔmedelawo na nye Mawu ƒe aƒe la mavɔ le mia dome akpɔ o!


Tsi gbɔnye, megavɔ̃ o, elabena amesi le nye ku dim la, eya aɖi wò hã wò ku; èkpɔ sitsoƒe le gbɔnye.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan