Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 6:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye Haman xlẽ nusiwo katã dzɔ ɖe edzi la, fia srɔ̃a Zeres kple exɔlɔ̃awo katã. Tete eƒe nunyalawo kple srɔ̃a Zeres wogblɔ nɛ bena. Nenye Yudatɔwo ƒe dzidzimeviwo dome Mardoxai, amesi ŋku me nede asi toyiyi me le tso la, ekema màte ŋu awɔ nanekee o, ke boŋ to kokoko nayi agayi le eŋku me!

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

13 Egblɔ nu siwo katã va dzɔ ɖe edzi la na srɔ̃a, Zeres kple exɔlɔ̃wo. Eƒe aɖaŋuɖolawo kple srɔ̃a wogblɔ nɛ be, “Zi ale si Mordekai, ame si dzi wò anyidzedze dze egɔme tsoe nye Yudatɔ la, màte ŋu anɔ te ɖe enu o; vavã àtsrɔ̃ godoo!”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 6:13
16 Iomraidhean Croise  

Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, woakpe ɖe eŋu; ke amesi toa mɔ gɔglɔ̃ dzi la, adze anyi zi ɖeka


Efrayim, legbawo ƒe nya kae tsɔ gbɔnye? Mede toe, eye melé ŋku de eŋu. Sesewu dama menye, dzinye nakpɔ wò kutsetsewo le.


Le ŋdi la Farao mekpɔ gbɔdzɔea ɖeke o, eye wòdo woyi ɖayɔ Egipte-fakalawo kple nunyalawo va ƒo ƒu, eye Farao li drɔ̃eawo na wo; ke wo dometɔa ɖeke mete ŋu ɖe egɔme na Farao o.


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Farao atso ta le nuwo, eye woahe wò ɖe ati ŋu, eye xeviwo ava ɖu wò ŋutilã.


Tete dzi ku fia la, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔ hede se be, woawu Babel-nunyalawo katã.


Mese nusiawo tɔgbe wòsɔ gbɔ azɔ; mi katã la akɔfala ƒuƒluwo mienye.


Ŋɔdzi kple hiã do dzikatsoƒoe na, wodze edzi abe fia, si dzra ɖo ɖe tadede aʋa me ŋu ene.


Esia megbe la dɔla la xlẽ nusiwo katã wòwɔ la fia Isak.


Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu kple dzatanɔ ene, ameka le eʋuʋu ge? Ne amea ɖe yra wò la, woayrae; eye ne amea ɖe ƒo fi de wò la, woaƒo fi aɖee.


Ebe le gbedzi kple gbedadaƒo, afisi gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le. Ekpla asi kɔ nɛ, eye wòkpɔ edzi helé be nɛ abe eƒe ŋkuvi ene.


Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ vɔ̃a ɖeke nye nyagblɔdilawo o!


Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi. Bubu ta wòdɔm ɖe dukɔ; siwo ha mi la gbɔ ɖo; elabena amesi ka asi mia ŋu la, eka asi eƒe ŋkuvi ŋu.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan