Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 5:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Fia la gblɔ nɛ bena: Fiasrɔ̃ Ester, nya ka dzɔ ɖe dziwò, eye nuka dim nèle? Nenye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃e hã la, woatsɔe ana wò!

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

3 Fia la biae be, “Nu kae nye wò didi, Fianyɔnu Ester? Nu ka nàbia? Nu sia nu si nàbia la, mana wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 5:3
11 Iomraidhean Croise  

Eye wògblɔ bena: Mabia nu via ɖe tso asiwò, eye megatem o. Fia la ɖo ŋu nɛ bena: Danye bia, elabena nyemele tewò ge o.


Tete Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo le drɔ̃eƒe le zã me le Gibeon, eye Mawu gblɔ nɛ bena: Bia nusi mana wò.


Fia la gblɔ nam be: Nuka biam nèle? Tete mede gbe ɖa na dziƒo Mawu la,


Ester ɖo ŋu bena: Ne edze fia ŋu la, ekema fia kple Haman neva kplɔ̃, si meɖo nɛ egbe la ŋu.


Esime wole wein nom la, fia la gblɔ na Ester bena: Nuka dim nèle? Woana wò! Eye nuka biam nèle? Nenye fiaɖuƒe ƒe afã gɔ̃e hã la, woawɔ edzi!


Eye esi wole wein nom la, fia la gabia Ester le ŋkeke evelia dzi be: Fiasrɔ̃ Ester, nuka biam nèle? Woana wò Eye nuka dim nèle? Nenye fiaɖuƒe ƒe afã gɔ̃e hã la, woawɔ edzi na wo!


Tete fia la gblɔ na fiasrɔ̃ Ester bena, Ne Yudatɔwo wu ŋutsu alafa atɔ̃ le Susa-mɔ̃ me, eye wotsrɔ̃ wo hekpe ɖe Haman vi ewoawo ŋu la, aleke womahawɔ le fia ƒe anyigba mamleawo dzi oa? Azɔ nuka biam nele? Woana wò. Eye nuka dim nègale? Woawɔ edzi.


Eye wòka atam ne bena: Nusi ke nabiam la, mana wò vaseɖe nye fiaɖuƒe la ƒe akpa afã dzi.


Nuka dim nèle, be mawɔ na wò mahã? Eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, bena makpe nu!


Aʋafia gã la lé eƒe alɔnu, eye wòkplɔe ɖe kpoe hebiae bena: Nya ka le asiwò be, naka eta nama?


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan