Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 5:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ke esi fia la kpɔ fiasrɔ̃ Ester wòtsi tre ɖe xoxɔnua la, eve enu; eye fia la lé sikafiatikplɔ ɖe asi do ɖe Ester; tete Ester te va heka asi fiatikplɔ la ta me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 Esi wòkpɔ Fianyɔnu Ester wòtsi tsitre ɖe afi ma la, edo dzaa nɛ, eye wòtsɔ sikafiatikplɔ si wolé ɖe asi la do ɖee. Ale Ester te ɖe eŋu, eye wòlé fiatikplɔ la tame.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 5:2
9 Iomraidhean Croise  

Ebiae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eɖo ŋu bena: Yakob.


Oo Aƒetɔ, ke wò to de wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple wò dɔla, siwo wò ŋkɔ vɔvɔ dzrona la ƒe gbedodoɖa ŋu, na wòadze edzi na wò dɔla egbea dzro, eye nana ŋutsu sia nave enu! Fia ƒe ahakula menye.


Nyɔnuvi la dze eŋu, eye wòve enu. Tete wòwɔ kaba, be wòasi atike nɛ, wòana eƒe nuduɖui, eye woatsɔ nyɔnuvi adre, siwo wotia tso fiaƒe me la, akpe ɖe eŋu, eye wòna nɔƒe nyuitɔ eya kple eƒe nyɔnuviwo le nyɔnuwo ƒe aƒe la me.


Fia ƒe dɔlawo katã kple fia ƒe anyigbawo dzitɔwo nyae bena, ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe yi fia gbɔ le xɔxɔnu emetɔ, eye womeyɔe hafi o la, se ɖeka koe li, be woawui, negbe amesi ke fia la do sikafiatikplo ɖo la, eya koe tsia agbe; ke womeyɔm, be mayi fia la gbɔ o ŋkeke blaetɔ̃ enye si.


Tete fia la tsɔ, sikafiatikplɔ la do ɖe Ester, eye Ester fɔ hetsi tre ɖe fia la ŋku me


Melɔ̃ Yehowa, elabena eɖo to nye gbe kple nye kokoƒoƒo.


Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me; afisi wòlɔ̃ la, eya wòkplɔnɛ yinae.


Ke esi eya kpɔe gã, eye wòvɔ̃ la, egblɔ bena: Nukae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nɛ bena: Wò gbedodoɖawo kple wò dɔmenyowɔwɔwo yi dzi le Mawu ŋku me hena ŋkuɖoɖodzi.


eye woɖee tso eƒe xaxawo katã me; eye wòna amenuveve kple nunyae le Farao, Egipte-fia la ƒe ŋku me, eye wòtsɔe ɖo dziɖula ɖe Egipte kple eƒeme blibo la katã dzi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan