Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 4:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete Ester yɔ Hatax tso fia ƒe aƒe dzikpɔla, siwo wòɖe, be woasubɔe la dome, eye wòdɔe ɖo ɖe Mardoxai gbɔ, be yeanya nusi dzɔ kple nusi ta wòwɔ alea ɖo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

5 Azɔ Ester ɖo Hatak, ŋutsu tata si wotia be wòasubɔe la ɖa be wòayi Mordekai gbɔ, abia nu si le fu ɖem nɛ kple nu si tae.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 4:5
10 Iomraidhean Croise  

Le ŋkeke adreliagbe, esime wein na fia la, ƒe dzi gbɔ ɖe me la, ede se na aƒe dzikpɔla aɖreawo, siwo nye Mehuman, Bizta, Xarbona, Bigta, Abagta, Zetar kple Xarkas, amesiwo subɔna le fia Axasweros ŋku me la be,


Ke fiasrɔ̃ Wasti gbe fia ƒe nya, si wòde aƒe dzikpɔlawo si la, eye meva o. Tete fia la nyrã ŋutɔ, eye dzi bi ɖe dɔ me nɛ.


Ester ƒo nu kple Hatax, eye wòɖoe ɖe Mardoxai gbɔ bena:


Esi Ester ƒe nyɔnudɔlawo kple eƒe aƒe dzikpɔlawo va toe nɛ la, dzika tso fiasrɔ̃ la ƒo ŋutɔ, eye wòɖo awuwo ɖa, be woatsɔ ado na Mardoxai, ne woaɖe akpanya la le eŋu; ke egbe wo xɔxɔ.


Eye Hatax yi Mardoxai gbɔ le dua ƒe ablɔ, si le fia ƒe agbo nu la me.


Eye esi Hatax va gblɔ Mardoxai ƒe nyawo na Ester la,


Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!


Eye ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu nɛ ti, eye ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, ŋutinuwo katã kpɔa dzidzɔ nɛ ti.


amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ to dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu to la hã dzi!


Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan