Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 4:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye nuxaxa gãa ɖe ɖo Yudatɔwo dome le anyigba, siwo katã dzi fia ƒe nya kple eƒe se la de la dzi, wotsi nu dɔ, wofa avi, eye wofa konyi, eye wo dometɔ geɖewo ta akpanya hesi afi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

3 Yudatɔwo ta akpanya mlɔ afi ma, tsi nu dɔ, fa avi kple ɣli, eye dzi ɖe le wo ƒo le nutowo katã me le anyigba blibo la dzi le ɖoɖo si fia la wɔ la ta.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 4:3
20 Iomraidhean Croise  

Eva me le Axasweros ŋɔli — eya nye Axasweros, si ɖu anyigba alafa ɖeka kple blave vo adre dzi, tso India vaseɖe Kus —


Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wutetɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ, abe alesi Haman de see ene, ɖe anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ kple dukɔ sia dukɔ ƒe gbegbɔgblɔ nu heɖo ɖe fia ƒe amegãwo kple anyigba dzikpɔla, siwo le anyigba sia anyigba nu kpakple dukɔ sia dukɔ ƒe tatɔwo; woŋlɔe le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete.


Yi ɖaƒo Yudatɔ, siwo katã le Susa la nu ƒu, eye mitsi nu dɔ le tanye, migaɖu nu o, eye migano nu o zã kple keli ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mía kple nye nyɔnudɔlawo hã míatsi nu adɔ alea, eye manɔ alea ayi fia la gbɔ menye le sekɔ la nu o, eye ne meku la, ɖe meku!


heva fia ƒe agbo nu; elabena amea ɖeke mekpɔ mɔ anɔ akpanya me age ɖe fia ƒe agbo me o.


Esi Ester ƒe nyɔnudɔlawo kple eƒe aƒe dzikpɔlawo va toe nɛ la, dzika tso fiasrɔ̃ la ƒo ŋutɔ, eye wòɖo awuwo ɖa, be woatsɔ ado na Mardoxai, ne woaɖe akpanya la le eŋu; ke egbe wo xɔxɔ.


be woaɖo kpe Purim-ŋkekeawo dzi ɖe woƒe ɣeyiɣi dzi, abe alesi Yudatɔ Mardoxai kple fiasrɔ̃ Ester woɖo na wo, kpakple alesi woawo ŋutɔ woɖo nutsitsiɖɔ kple konyifafa na woawo kple woƒe dzidzimeviwo ene.


Eye wòbɔbɔ nɔ dzowo me hetsɔ sonu gaglɛ le ŋuti kumi.


Ɣemaɣi la Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, yɔ ame hena avifafa, konyifafa, talulũ kple akpanyatata;


Eyata mebe: Miɖe ko ɖa le ŋunye, ne mafa avi vevie, migaƒo ɖu ɖe nunye, be yewoafa akɔ nam le nye dukɔ ƒe vinyɔnu tsɔtsrɔ̃ la ŋuti o.


De nutsitsiɖɔ, si melɔ̃na, kple ŋkeke, si dzi amegbetɔ naka hiã eɖokui la, enye esia? Ne wobi ta ɖe anyi abe keti ene, eye womlɔ akpanya kple afi dzi la, eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke, si adze Yehowa ŋua?


Wòado aƒa ɖe ŋuwò, eye woaxa nu vevie, wòala kewɔ akɔ ɖe ta me, eye woanɔ togotogoe ƒom le dzowo me.


Tete metrɔ mo de Aƒetɔ Mawu la ŋu, ne matsɔ nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔ ado gbe da, eye maƒo koko,


Esi nya la ɖe Niniwe-fia gbɔ la, etso le eƒe fiazikpui dzi, eɖe eƒe awu ʋlaya ɖi, eye wòta akpanya hebɔbɔ nɔ dzowɔ me.


eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


Tete fia la gblɔ na kplɔ̃ŋutisubɔlawo bena: Mibla afɔwo kple asiwo nɛ, eye mitsɔe ƒu gbe de viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


Eye dɔla, si menyo na naneke o la, mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


Tete Yosua dze eƒe awuwo, eye eya kple Israel ame tsitsiwo tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ vaseɖe fiẽ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.


Eye ame dɔdɔwo va Saul ƒe Gibea hegblɔ nyawo ɖe dukɔ la ƒe to me; tete dukɔ blibo la fa avi kple ɣli.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan