Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 4:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Fia ƒe dɔlawo katã kple fia ƒe anyigbawo dzitɔwo nyae bena, ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe yi fia gbɔ le xɔxɔnu emetɔ, eye womeyɔe hafi o la, se ɖeka koe li, be woawui, negbe amesi ke fia la do sikafiatikplo ɖo la, eya koe tsia agbe; ke womeyɔm, be mayi fia la gbɔ o ŋkeke blaetɔ̃ enye si.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

11 “Fia la ƒe dɔnunɔlawo katã kple ame siwo katã le nutowo me la nya be ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe yi ɖe fia la gbɔ le xɔ titinatɔ me, evɔ fia la meyɔe o la, se ɖeka si le nu sia ŋuti koe nye be woawu amea. Negbe ɖeko fia la tsɔ eƒe sikatikplɔ ɖo ɖee hafi wòaɖe eƒe agbe. Ke ŋkeke blaetɔ̃e nye esi fia la meɖo du ɖem o.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 4:11
9 Iomraidhean Croise  

Ne edze fia ŋu la, ekema woade fia ƒe se, eye woaŋlɔe ɖe Persiatɔwo kple Mediatɔwo ƒe se la me, eye womada edzi o be: Wasti mekpɔ mɔ agava fia Axasweros ŋku me o, eye fia la natsɔ eƒe fianyenye ana nyɔnu bubu, si nyo wui.


Ne eyi le fiẽ, eye wòtrɔ gbɔ va nyɔnuwo ƒe aƒe evelia me le ŋdi le fia ƒe aƒe dzikpɔla Saasgaz, amesi nye ahiãwo ŋudzɔla ƒe dzikpɔkpɔ te la, ekema mekpɔ mɔ agayi fia la gbɔ o, negbe ne eƒe nu nyo fia ŋu, eye wòyɔe hafi.


Ester ƒo nu kple Hatax, eye wòɖoe ɖe Mardoxai gbɔ bena:


Eye woɖagblɔ Ester ƒe nyawo na Mardoxai.


Eye fia la gblɔ be Amekae le xɔxɔnua? — Haman ye va fiasã ƒe xɔxɔnu gbãtɔ be, yeagblɔ na fia la be woahe. Mardoxai ɖe ati, si wòtu nɛ la ŋu. —


Tete fia la tsɔ, sikafiatikplɔ la do ɖe Ester, eye Ester fɔ hetsi tre ɖe fia la ŋku me


Ke ne mieli drɔ̃e la nam o la, ekema afiatsotso ɖeka koe le mia ŋu; elabena de mieɖo gbe ɖi, be miagblɔ alakpanyawo kple nya gbegblẽwo le ŋkunye me, vaseɖe esime ɣeyiɣi la nu nayi. Eyata mili drɔ̃e la nam, ekema madza sii be, miate ŋu aɖe egɔme hã nam.


Nenema ke, mi ŋutsuwo la, minɔ anyi kple nyɔnuwo le nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, eye mitsɔ bubu na wo; elabena woawo hã wonye agbe ƒe amenuveve hadomenyilawo, bene míagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan