Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 4:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Mardoxai se nya, siwo katã dzɔ la, Mardoxai dze eƒe awuwo, ta akpanya, si afi, eye wòto dua titina le ɣli dom sesĩe nublanuitɔe

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Esi Mordekai se nya si dzɔ la, edze eƒe awuwo, ta akpanya, si dzowɔ ɖe ŋuti, eye wòyi dua me henɔ avi fam sesĩe nublanuitɔe.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 4:1
27 Iomraidhean Croise  

Esi Esau se fofoa ƒe nyawo la, edo ɣli sesĩe nublanuitɔe gblɔ na fofoa bena: Fofonye, yra nye hã!


Tete Yakob dze eƒe awu, sa papahũ ɖe ali, eye wofa konyi na via ŋkeke geɖewo.


Tete Dawid kple ŋutsu, siwo katã le eŋu la, dze woƒe awuwo.


Eye Tamar ku afi kɔ ɖe ta me, eye wòdze awu ʋlaya, si wòdo la, eye wòkpla asi ta le boboe dom le yiyim.


heva fia ƒe agbo nu; elabena amea ɖeke mekpɔ mɔ anɔ akpanya me age ɖe fia ƒe agbo me o.


Eye nuxaxa gãa ɖe ɖo Yudatɔwo dome le anyigba, siwo katã dzi fia ƒe nya kple eƒe se la de la dzi, wotsi nu dɔ, wofa avi, eye wofa konyi, eye wo dometɔ geɖewo ta akpanya hesi afi.


Tete Hiob tso hedze eƒe awu, elũ eƒe ta, eye wòde ta agu hedo gbe ɖa


Eye wòbɔbɔ nɔ dzowo me hetsɔ sonu gaglɛ le ŋuti kumi.


Eyata megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afi me.


Xesbon kple Eleale le boboe dom, eye wose woƒe ɣli le Yahaz ke. Eyata Moab ƒe aʋawɔlawo ɖo ɣli, eye eƒe luʋɔ dzo kpekpekpe.


Eyata mebe: Miɖe ko ɖa le ŋunye, ne mafa avi vevie, migaƒo ɖu ɖe nunye, be yewoafa akɔ nam le nye dukɔ ƒe vinyɔnu tsɔtsrɔ̃ la ŋuti o.


Eye wòva me, esi fia Xizkiya see la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heyi Yehowa ƒe me.


Eye wòɖo aƒenunɔla Elyakim kple agbalẽŋlɔla Sebna kpakple nunɔlawo ƒe ame tsitsiwo, amesiwo ta akpanya la, ɖe nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi la gbɔ


De nutsitsiɖɔ, si melɔ̃na, kple ŋkeke, si dzi amegbetɔ naka hiã eɖokui la, enye esia? Ne wobi ta ɖe anyi abe keti ene, eye womlɔ akpanya kple afi dzi la, eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke, si adze Yehowa ŋua?


Ke wò amevi, nɔ hũ ɖem! Nɔ hũ ɖem abe amesi ali le ɖuɖum la ene, eye nanɔ hũ ɖem le vevesese heliheli ta le wo ŋku me.


Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Tete metrɔ mo de Aƒetɔ Mawu la ŋu, ne matsɔ nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔ ado gbe da, eye maƒo koko,


Eyata mafa konyi, mafa avi, eye maɖe ƒeƒle anɔ yiyim; mafa konyi abe amegãxiwo ene, eye maxa nu abe golowo ene.


Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ. Yehowa ƒe ŋkeke la ŋkɔ le ɖiɖim, eye kãletɔ le aʋaɣii dom sesĩe.


Vɔ̃ ana wò, Korazin! Vɔ̃ ana wò, Betsaida! Elabena ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo wowɔ le mewo la, ɖe wowɔ wo le Tiro kple Zidon la, ne wòtrɔ le woƒe dzi me le blema le akpanya kple afi me.


Ke esi apostoloawo, Barnaba kple Paulo, see la, wodze woƒe awuwo, eye woƒu du ɖo ameha la me hele ɣli dom, le gbɔgblɔm bena:


Tete Yosua dze eƒe awuwo, eye eya kple Israel ame tsitsiwo tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ vaseɖe fiẽ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.


Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan