Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 3:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Fia ƒe ɖɔla, siwo katã le fia ƒe agbo me la, bɔbɔna dea la agu na Haman, elabena alea fia la de se le, eŋu; ke Mardoxai mebɔnɔna nɛ o, eye mede ta agu hã o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 Azɔ la, ame sia ame si le fiasã la ƒe agbo nu la bɔbɔna, dea ta agu na Haman ne eva yina, le Fia Ahasuerus ƒe sedede nu. Mordekai ya gbe, mebɔbɔna dea ta agu na Haman o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 3:2
15 Iomraidhean Croise  

Emegbe la ena wòɖo tasiaɖam evelia, si kplɔ fia tɔ ɖo la, eye kpodolawo le eŋgɔ le gbɔgblɔm bena: Midze klo, midze klo! Ale wòɖoe Egipte-nyigba la katã nu.


Esi woƒo ɖetugbiwo nu ƒu zi evelia la, Mardoxai bɔbɔ nɔ fia ƒe agbo nu.


Le ɣemaɣi, esi Mardoxai bɔbɔ nɔ fia ƒe agbo nu la, fia ƒe aƒe dzikpɔla eve, Bigtan kple Teres, amesiwo tso, agbonudzɔlawo dome la, do dɔmedzoe, eye wodi be, yewoawu fia Axasweros.


Yuda-ŋutsua ɖe nɔ Susa-mɔ̃ me, amesi ŋkɔ nye Marɖoxai, Yair vi, amesi nye Simei vi, amesi nye Kis vi, enye Benyamintɔ


Le nya siawo megbe la fia Axasweros do gã Haman, Hamedata vi, si nye Agagitɔ la, gãe edoe ɖe dzi, eye wotsɔ eƒe zikpui ɖo amegã, siwo katã le eŋu la tɔwo ŋgɔ.


Tete fia ƒe dɔla, siwo le na ƒe agbo me la, gblɔna na Mardoxai bena. Nukaŋuti nele fia ƒe se dzi dam?


Eye esi Haman kpɔ be, Mardoxai mebɔbɔ hede ta agu na ye o la, dzi ku Haman vevie.


Tete Haman do go gbemagbe kple dzidzɔ, eye eƒe dzi gbɔ ɖe eme. Ke esi Haman kpɔ Mardoxai le fia ƒe agbo me metsi tre, ne wòahayi eɖokui ʋã ge le eŋku me o la, dzi ku Haman vevie ŋutɔ ɖe Mardoxai nu;


amesi ƒe ŋku me ame vɔ̃ɖi meɖia naneke le o, ke ebua amesiwo vɔ̃a Yehowa la; amesi ka atam, si me eya ŋutɔ ƒe gbegblẽ tsona, ke megatrɔnɛ o;


Eve Yehowa gblɔ na Mose bena: Ŋlɔ nusia ɖe agbalẽ me hena ŋkuɖoɖo dzi, eye nakui ɖe Yosua ƒe to me, elabena matsrɔ̃ Amalek ƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te keŋkeŋ.


Eye wogblɔ bena: Meta Yehowa ƒe zikpui Yehowa ewo aʋa kple Amalek tegbetegbe.


Eye Daniel ɖe kuku na fia la wòtsɔ Babel-nyigba ƒe dziɖuɖudɔwo de asi na Sadrax, Mesax kple Abed-Nego. Ke Daniel ŋutɔ ya nɔ fiaƒe me.


Ne Yehowa, wò Mawu, na nèkpɔ gbɔdzɔe tso wò futɔ, siwo katã ƒo xlã wò si me le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu dzi la, ekema tsrɔ̃ Amalek ŋkɔ da le dziƒoa te. Megaŋlɔe be o!


bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me,


Eyata yi, nasi Amalek, eye natsrɔ̃ eƒe nuwo katã gbidigbidi, megave enu o; ke boŋ wu ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩewo, nyiwo kple alẽwo, kposɔwo kple tedziwo siaa!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan