Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 3:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wutetɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ, abe alesi Haman de see ene, ɖe anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ kple dukɔ sia dukɔ ƒe gbegbɔgblɔ nu heɖo ɖe fia ƒe amegãwo kple anyigba dzikpɔla, siwo le anyigba sia anyigba nu kpakple dukɔ sia dukɔ ƒe tatɔwo; woŋlɔe le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

12 Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi la, woyɔ agbalẽŋlɔla siwo katã le fiasã me la ƒo ƒu, woŋlɔ agbalẽ ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe si wogblɔna le fiaɖuƒe la me la me. Wowɔe ɖe Haman ƒe sedede nu na fia la ƒe dɔnunɔlawo, mɔmefia siwo le nutowo me dzi kpɔm kple gbegbɔgblɔ vovovowo ƒe ame ŋkutawo. Woŋlɔ lɛta la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ eƒe ŋkɔsigɛ de ete.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 3:12
12 Iomraidhean Croise  

Eye woŋlɔ agbalẽ ɖe Axab ƒe ŋkɔ dzi, etsɔ eƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ edzi, eye wòɖo agbalẽ la ɖe eƒe dumegãwo kple bubumewo, amesiwo kple Nabot wole afi ɖeka.


Wotsɔ fia ƒe seawo de asi na fia la ƒe dziɖulawo kple anyigba dzikpɔlawo le tɔsisi la ƒe go keme dzi, eye wokpe ɖe dukɔ la kple mawuxɔ la ŋu.


eye wòɖo agbalẽ ɖe fia ƒe anyigbawo katã dzi le anyigba sia anyigba kple eƒe nuŋɔŋlɔ kple dukɔ sia dukɔ kple eƒe gbegbɔgblɔ nu be: Ŋutsu sia ŋutsu enye aƒetɔ ɖe eƒe me eye eƒemetɔwo nabui.


Fia la gblɔ na Haman bena: Klosalo la nenɔ anyi ko; gake woawɔ dukɔ: la, alesi dze ŋuwò!


Eye fia la ɖe eƒe ŋkɔsigɛ, si wòxɔ le Haman si la, na Mardoxai. Eye Ester tsɔ Mardoxai ɖo Haman ƒe aƒe nu.


Yudatɔwo ɖoe, eye wotsɔe wɔ kɔnu na woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo kpakple amesiwo katã aku ɖe wo ŋu la be, woaɖu ŋkeke eve siawo le agbalẽ, si woŋlɔ na wo, kple ŋkeke ɖoɖo la nu, eye womada edzi o;


Wò fia, ède se bena, ne amesiame se kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo kple venɔwo ƒe dzewo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, wòadze klo ado gbe ɖa na sikalegba la;


Tete ŋutsu mawo ge ɖe eme, eye wokpɔ Daniel wole gbe dom ɖa hele koko ƒom le eƒe Mawu ŋku me.


Esi fia la se nya sia la, evee ŋutɔ, eye wòɖo be, yeaɖe Daniel; edze agbagba, vaseɖe esime ɣe ɖo to be, yeaɖee.


Eye fia la ɖe se be, woatsɔ ŋutsu, siwo tso Daniel nu, wo viwo kple wo srɔ̃wo aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do la me; ke womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzatawo tso wo xɔ, eye wogbã woƒe ƒuwo katã o.


Fiaɖuƒe la ƒe tatɔwokatã, anyigbanunɔlawo, amegãwo, aɖaŋudelawo kple dzikpɔlawo de adaŋu be, fia la naɖo ɖoɖo, eye wòade se sesẽa de be, amesiame, si abia nu mawu alo amegbelɔ bubua ɖe le ŋkeke blaetɔ̃ me, eye menye tso wò fia si ko o la, wotsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe ɖo me.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan