Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 2:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Nyɔnuvi la dze eŋu, eye wòve enu. Tete wòwɔ kaba, be wòasi atike nɛ, wòana eƒe nuduɖui, eye woatsɔ nyɔnuvi adre, siwo wotia tso fiaƒe me la, akpe ɖe eŋu, eye wòna nɔƒe nyuitɔ eya kple eƒe nyɔnuviwo le nyɔnuwo ƒe aƒe la me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

9 Hegai, fiasrɔ̃wo dzikpɔla la kpɔ ŋudzedze blibo le Ester ŋu, eye wòwɔ nu sia nu si ana wòakpɔ dzidzɔ la nɛ. Ena woɖaa nu tɔxɛwo nɛ, eye wosiaa tugbedzetikewo nɛ. Etsɔ nyɔnuvi adre nɛ tso fiasã la me be woanye eƒe subɔlawo. Hegai tsɔ teƒe nyuitɔ wu le nyɔnuwo ƒe nɔƒe la nɛ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 2:9
12 Iomraidhean Croise  

Ke Yehowa nɔ kple Yosef, eye wòna gaxɔdzikpɔla ƒe dzime kɔ ɖe eŋu, eye wòve enu.


eve Yosef nu, eye wòtsɔe wɔ eƒe subɔlae, eye wòtsɔe ɖo eƒe me nu wo dzikpɔlae hetsɔ eƒe nuwo katã ɖe esi.


Eye tsɔ nuvɔ̃, si wò dukɔ la wɔ ɖe ŋuwò kple vo, siwo katã woda ɖe ŋuwò la ke wo, eye na amesiwo ɖe aboyo wo, nakpɔ woƒe nublanui, eye woa ve wo nu;


Ezra sia ho tso Babel va, enye agbalẽfiala, eye wòbi ɖe Mose ƒe se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu, de la me. Fia la na nusiwo kalã wòbia lae, elabena Yehowa, eƒe Mawu ƒe asi le edzi.


kple agbalẽ matsɔ na fia ƒe ave dzikpɔla Asaf, be wòatsɔ atiwo nam, ne matsɔ akpa mɔ̃ la ƒe agbowo, siwo le gbedoxɔ kple du la ƒe gliwo kpakple aƒe, si me yi ge mala la ŋu. Tete fia la lɔ̃ edzi nam, elabena nye Mawu ƒe asi nyui le dzinye.


Eye ne fia Axasweros gbɔ yiyi ɖo nyɔnuviawo dome ɖesiaɖe dzi, esime wowɔ nɛ le nyɔnuwo ƒe kɔnu la nu dzinu wuieve sɔŋ megbe vo la, — elabena ɣeyiɣi geɖe siawo wogblẽna ɖe woƒe atikesisi ŋu; wosia miremi dzinu ade, eye wosia atike ʋeʋẽe kple nyɔnuwo ƒe ami ʋeʋẽe dzinu ade —


eye fia la neɖo dzikpɔlawo ɖe eƒe fiaɖuƒe ƒe anyigbawo katã dzi, ne woaƒo ɖetugbi dzetugbewo katã nu ƒu ɖe nyɔnuwo ƒe aƒe me le Susa-mɔ̃ me, eye woatsɔ wo ade fia ƒe aƒe dzikpɔla Hegai, amesi nye nyɔnuwo ŋudzɔla si me, eye wòasi atike na wo,


Ke esi fia la kpɔ fiasrɔ̃ Ester wòtsi tre ɖe xoxɔnua la, eve enu; eye fia la lé sikafiatikplɔ ɖe asi do ɖe Ester; tete Ester te va heka asi fiatikplɔ la ta me.


Eye wòna amesiwo katã ɖe aboyo wo la, kpɔ nublanui na wo.


Ne amea ɖe ƒe zɔzɔme dze Yehowa ŋu la, enana be, eƒe futɔwo ke hã nɔa ŋutifafa me kplii.


Eye Mawu na aƒedzikpɔlawo ƒe amegã nyo dɔme na Daniel, eye wòve enu.


eye woɖee tso eƒe xaxawo katã me; eye wòna amenuveve kple nunyae le Farao, Egipte-fia la ƒe ŋku me, eye wòtsɔe ɖo dziɖula ɖe Egipte kple eƒeme blibo la katã dzi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan