Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Yuda-ŋutsua ɖe nɔ Susa-mɔ̃ me, amesi ŋkɔ nye Marɖoxai, Yair vi, amesi nye Simei vi, amesi nye Kis vi, enye Benyamintɔ

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

5 Yudatɔ aɖe nɔ Susa fiasã la me, eŋkɔe nye Mordekai. Fofoae nye Yair, ame si fofoe nye Simei, ame si nye Kis, Benyamintɔ la ƒe vi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 2:5
10 Iomraidhean Croise  

Esi fia Dawid va Baxurim la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe, si tso Saul ƒe aƒe ƒe ƒome la me, si ŋkɔ nye Simei, Gera vi la, do tso afima va le ɖiŋu dom.


Tete Yuda-fia Yoyaxin do yi Babel-fia gbɔ, eya kple dadaa kple eƒe dɔlawo, eƒe amegãwo kple eƒe aƒemenu dzikpɔlawo, eye Babel-fia ɖe aboyoe le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me.


Èkplɔ Yoyaxin yi Babel, eye wòkplɔ fia dada, fia srɔ̃wo kple eƒe aƒemenu dzikpɔlawo kpakple anyigba dzi bubumewo tso Yerusalem yi aboyo me le Babel.


le ɣemaɣi, esime Axasweros bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le Susa-mɔ̃ me la,


Elabena Yudatɔ Mardoxai enye evelia kplɔ fia Axasweros ɖo, exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome, eye nɔvia gbogboawo lɔ̃ eƒe nya; edi nyui na eƒe dukɔ, eye wòƒo nu na edeviwo katã ƒe nyonyo.


eye fia la neɖo dzikpɔlawo ɖe eƒe fiaɖuƒe ƒe anyigbawo katã dzi, ne woaƒo ɖetugbi dzetugbewo katã nu ƒu ɖe nyɔnuwo ƒe aƒe me le Susa-mɔ̃ me, eye woatsɔ wo ade fia ƒe aƒe dzikpɔla Hegai, amesi nye nyɔnuwo ŋudzɔla si me, eye wòasi atike na wo,


eye nyɔnuvi, si adze fia ŋu la, eya nanye fiasrɔ̃ ɖe Wasti teƒe! Tete nya la dze fia la ŋu, eye wòwɔ nenema.


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Ester do fiawu, eye wòyi fiasã ƒe xɔxɔnu emetɔ, si le fia ƒe xɔ ŋgɔ la. Fia la bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le fiasã me dze ŋgɔ aƒe la ƒe ʋɔtru.


Ŋutsua ɖe le Benyamin, eŋkɔ nye Kis, amesi nye Abiel vi, amesi nye Zeror vi, amesi nye Bexorat vi, amesi nye Afia vi; enye Benyamintɔa ɖe ƒe vi, eye alɔme le esi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan