Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 2:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete fia la ƒe ɖekakpuiwo amesiwo subɔnɛ la, gblɔ bena: Ne wodi ɖetugbi dzetugbewo na fia la,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 Ale eŋumewo gblɔ nɛ be, “Na míayi aɖadi ɖetugbi dzetugbetɔwo le fiaɖuƒe blibo la me akplɔ vɛ na wò.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 2:2
6 Iomraidhean Croise  

Eye esi Abram va Egipte la, Egiptetɔwo kpɔ nyɔnu la bena, edze tugbe ŋutɔ.


Tete eƒe dolawo gblɔ nɛ bena: Woadi ɖetugbi atiatia ɖe na miaƒe aƒetɔ fia la, ne woatsi tre ɖe fia la ŋku me akpɔ edzi, eye wòamlɔ wò akɔ nu alé dzo ɖe miaƒe aƒetɔ fia la ŋu.


Le ŋkeke adreliagbe, esime wein na fia la, ƒe dzi gbɔ ɖe me la, ede se na aƒe dzikpɔla aɖreawo, siwo nye Mehuman, Bizta, Xarbona, Bigta, Abagta, Zetar kple Xarkas, amesiwo subɔna le fia Axasweros ŋku me la be,


Amesiwo te ɖe ŋu la, wonye Karsena, Zetar, Admata, Tarsis, Meres, Marsena kple Memuxan; woawoe nye amegã adreawo le Persia kple Media, amesiwo kpɔa fia la ŋku me, eye wonɔa nɔƒe gbãtɔ le fiaɖuƒe la me —


eye fia la neɖo dzikpɔlawo ɖe eƒe fiaɖuƒe ƒe anyigbawo katã dzi, ne woaƒo ɖetugbi dzetugbewo katã nu ƒu ɖe nyɔnuwo ƒe aƒe me le Susa-mɔ̃ me, eye woatsɔ wo ade fia ƒe aƒe dzikpɔla Hegai, amesi nye nyɔnuwo ŋudzɔla si me, eye wòasi atike na wo,


Esime wogale nu ƒom kplii la, fia ƒe aƒe dzikpɔlawo va kplɔ Haman enumake yi kplɔ̃, si Ester ɖo la ŋu.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan