Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 2:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye ne fia Axasweros gbɔ yiyi ɖo nyɔnuviawo dome ɖesiaɖe dzi, esime wowɔ nɛ le nyɔnuwo ƒe kɔnu la nu dzinu wuieve sɔŋ megbe vo la, — elabena ɣeyiɣi geɖe siawo wogblẽna ɖe woƒe atikesisi ŋu; wosia miremi dzinu ade, eye wosia atike ʋeʋẽe kple nyɔnuwo ƒe ami ʋeʋẽe dzinu ade —

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

12 Hafi wòaɖo ɖetugbi aɖe dzi woakplɔe ayi ɖe Fia Ahasuerus ŋkumee la, ele be wòato tugbedzetike ʋeʋĩwo sisi me ɣleti wuieve abe ale si woɖoe na nyɔnuwoe ene. Woasi mir nyui nɛ ɣleti ade, eye woasi ami ʋeʋĩ kple atike bubuwo hã nɛ ɣleti ade.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 2:12
10 Iomraidhean Croise  

Eye Mardoxai ɖia tsa gbesiagbe le nyɔnuwo ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu la nu, be yeanya, alesi Ester le kple nusi dzɔ ɖe edzi.


ekema nyɔnuvi la yia fia gbɔ, eye wotsɔa nusianu, si wòbia, be yeatsɔ tso nyɔnuwo ƒe me ayi fia ƒe me la nɛ.


eye fia la neɖo dzikpɔlawo ɖe eƒe fiaɖuƒe ƒe anyigbawo katã dzi, ne woaƒo ɖetugbi dzetugbewo katã nu ƒu ɖe nyɔnuwo ƒe aƒe me le Susa-mɔ̃ me, eye woatsɔ wo ade fia ƒe aƒe dzikpɔla Hegai, amesi nye nyɔnuwo ŋudzɔla si me, eye wòasi atike na wo,


Nyɔnuvi la dze eŋu, eye wòve enu. Tete wòwɔ kaba, be wòasi atike nɛ, wòana eƒe nuduɖui, eye woatsɔ nyɔnuvi adre, siwo wotia tso fiaƒe me la, akpe ɖe eŋu, eye wòna nɔƒe nyuitɔ eya kple eƒe nyɔnuviwo le nyɔnuwo ƒe aƒe la me.


Mewu sikɔni, anowɔtre kple adrike ɖe nye aba dzi.


Amekae nye ekem tso gbe me gbɔna abe dzudzɔ babla ene, eye atike ʋeʋẽe, dzudzɔ ʋeʋée donu kple nudzralawo ƒe atike vovovowo le ya ɖem le eŋu?


Ʋeʋẽ kũ axɔ ɖe ʋeʋẽ lilili teƒe, ka axɔ ɖe alidziblanu teƒe, tabebe axɔ ɖe ɖaƒoƒo teƒe, akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya nyui teƒe, eye dzobi axɔ ɖe nyonyo teƒe.


Etsɔ ami yi fia gbɔe, eye nèɖo atike ʋeʋẽe asi fũ; èɖo wò amewo ɖe didiƒe ke, eye nèbɔbɔ ta wòɖatɔ tsieƒe ke.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan