Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Ester 1:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Wotsi avɔ ɣito, dzĩtɔ kple blɔtɔ, siwo ŋu wosa aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ ƒe ka ɖo la, ɖe klosalosigɛwo ŋu le kpe xɔasi sɔtiawo ŋu. Wotsɔ sika kple klosalo lɔ̃ kuntrunuwo, ɖo ɖe anyigba, si wotsɔ kpe xɔasi dama, ɣito, hẽtɔ kple yibɔtɔ ɖo la.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

6 Wotsi avɔ, ɣitɔ kple blɔtɔ siwo ŋu wosa aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ ƒe kawo ɖo la ɖe klosalosigɛ siwo wowɔ ɖe sɔti siwo wotu kple kpe xɔasiwo me la ŋu. Sikazikpuiwo kple klosalozikpuiwo nɔ gbadzaƒe si wowɔ kple kpe xɔasi yibɔtɔwo, dzĩtɔwo, ɣitɔwo kple aŋgbaɖiɖitɔwo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Ester 1:6
10 Iomraidhean Croise  

Eye esi fia la trɔ tso fiasã ƒe abɔ me va xɔ, si me wono, wein le me la, kpɔ ɖa, Haman tsra ɖe kuntrunu, si dzi Ester nɔ anyi ɖo la dzi, fia la gblɔ be: Fiasrɔ̃ hãe wòbe, yealé sesẽ le aƒe me le gbɔnyea? Esi nya sia nya do le fia nu ko la, wotsyɔ nu mo na Haman xoxo.


Eye Mardoxai le fiawu, si nye aɖabɛ blɔtɔ kple aklala me, eɖo sikafiakuku gãa ɖe, eye wòle awu ʋlaya, si nye aklala kple aɖabɛ dzĩto me hedo le fia la gbɔ; eye Susa-du la tso aseye hekpɔ dzidzɔ.


Tsɔ kuntru ewo wɔ nɔƒe la; eye aɖaŋuvɔlɔ̃lawo natsɔ ɖetí ɣi dada, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dze alɔ̃e, eye woalɔ̃ Kerubiwo ɖe eme.


èbɔbɔ nɔ ada nyuia ɖe dzi, si ŋgɔ woɖo kplɔ̃ ɖo, eye nètso nye dzudzɔdonu kple nye ami da ɖe edzi.


Wodraa afɔ ɖe awɔbavɔ dzi le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha le woƒe mawuwo ƒe me.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Alesi lãkpɔvi ɖea lã ƒe ata eve kple to kakɛ tsoa dzata ƒe nu mee la, nenema ke woaɖe Israel-vi, siwo bɔbɔ nɔ Samaria le aba ƒe dzogoe dzi kple aba ƒe kuntru dzi lae.


mi amesiwo mlɔ nyiɖubatiwo dzi, eye miedra ɖe mia mlɔƒewo, mieɖu alẽviwo le lãhawo dome kple nyiviwo le lãkpɔ me;


Ke egbe gblɔ bena: Nyemele nu ɖu ge o. Tete eƒe dɔlawo kple nyɔnu la ƒoe ɖe enu, eye wòɖo to woƒe gbe, eye wòtsi tre tso anyigba hebɔbɔ nɔ aba dzi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan