Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Efesotɔwo 6:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 „bene wòanyo na wò, eye nana agbe didie le anyigba dzi!“

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

3 “be wòadze edzi na wò nyuie, eye nànɔ agbe didi le anyigba dzi.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Efesotɔwo 6:3
15 Iomraidhean Croise  

Woayra ame dzɔdzɔewo, wo tɔ me nyo na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse.


migatu xɔ o, migaƒã nuku o, eye migade weingble alo ɖe nanye mia to o; ke boŋ minɔ agbadɔwo me le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me, ne mianɔ agbe eteƒe nadidi le anyigba, si dzi míenye amedzro le la dzi.


Eɖanye nyui alo vɔ̃ o, Yehowa, mia Mawu la ƒe gbe kokoko míase, amesi gbɔ míele ɖowòm ɖo, be eme nanyo na mí, le esi míeɖo to Yehowa, mía Mawu ƒe gbe ta.


„Bu fofowò kple dawo,“ — esia nye sedede gbãtɔ, si me ŋugbedodo le la —


Eye mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke miayi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.


Megaɖui o, bena wòanyo na mia kple megbewòviwo, le esi nèwɔ nusi dze Yehowa ŋu la ta.


Lé nya, siwo katã megblɔ na wò la me ɖe asi, eye naɖo to wo, bena wòanyo na mia kple megbewòviwo tegbee, le esi nèwɔ nusi nyo, eye wòdza le Yehowa, wò Mawu, ŋku me ta.


ke boŋ ɖe asi le dada ŋu, eye nalé viawo ko, ne wòanyo na wò, eye nanɔ agbe didie.


eye nawɔ ɖoɖo kple se, siwo meɖe na wò egbea la dzi, bena wòanyo na wò kple megbewòviwo, eye nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi tegbee.


Bu fofowò kple dawo, abe alesi Yehowa, wò Mawu, ɖe se na wò ene, bena nanɔ agbe didie, eye wòanyo na wò le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi.


Wɔ nusi dzɔ, eye wònyo le Yehowa ŋku me, bena eme na-nyo na wò, eye nayi aɖaxɔ anyigba nyui, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na fofowòwo la,


Eyata Israel see, lé wo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi, ne wòanyo na wò, eye nadzi ɖe dzi le anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.


Tete lɔ̃xoa Naomi gblɔ nɛ bena: Vinye, nyemadi dzudzɔƒe na wò, be wòanyo na wò oa?


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan