Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Efesotɔwo 4:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 le tamebɔbɔɖeanyi kple dɔmefafa katã me, le dzigbɔgbɔ blewu me, eye mihe adodo kple mia nɔewo le lɔlɔ̃ me,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mifa tu. Migbɔ dzi ɖi, eye miatsɔ ake mia nɔewo le lɔlɔ̃ me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Efesotɔwo 4:2
28 Iomraidhean Croise  

Elabena Yehowa lolo, ekpɔa ame bɔbɔɖokui, eye wòdzea si dadala tso adzɔgba.


Ta wò yi, wò bubu kple wò atsyɔ̃ɖoɖo ɖe ali, wò kalẽtɔ!


Ɖokuibɔbɔɖeanyi la hiãtɔwo dome nyo wu ne woamã aboyonu kple dadalawo.


Eɖua fewu le fewuɖulawo ŋu, ke evea ame bɔbɔɖeanyiwo ya nu.


Nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze; dzigbɔɖitɔ nyo wu ɖaɖala.


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokul ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, amea ɖe menye nu o woatsɔ mi aɣia le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!


Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.


Ke Mose la wu amesiwo katã le anyigba dzi.


Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye míakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.


Eye wòdo eŋu na wo gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse! Ɣekaɣi mana anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣi mado dzi ahe mi ase do mahã? Mikplɔe va gbɔnye!


hele Aƒetɔ la subɔm kple tamebɔbɔɖeanyi katã kple aɖatsiwo kple tetekpɔ, siwo va dzinye le Yudatɔwo ƒe nugbeɖoɖowo me;


Ke ele na mi, amesiwo ŋu ŋusẽ le la bena, miatsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míagadze mía ɖokui ŋu o.


Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.


Mitso mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale míawu Kristo ƒe se la nu keŋ.


abe alesi ke wòtia mí le eyama me, hafi wòɖo xexeame gɔme anyi ene, bene mianye kɔkɔeawo kple mokaka manɔŋutɔwo le eƒe ŋku me,


eye miatsi le sidzedze Mawu me, eye wòado ŋusẽ mi kple ŋusẽ katã lé eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋutete la nu hena dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu katã;


Ke wò la, oo Mawu ƒe ame, si le nusiawo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dziɖoɖo, dɔmefafa yome.


amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la,


Eyata miɖe ɖiƒoƒo katã kple vɔɖinyenye geɖe fũ la ɖi, eye mitsɔ dɔmefafa xɔ nya, si wodo ɖe mia me, si ate ŋu aɖe mia luʋɔwo la.


ke boŋ mikɔ Aƒetɔ Kristo la ŋu le miaƒe dziwo me, eye misu te ɖaasi, bene miana ŋuɖoɖo amesiame, si abia nyaa ɖe mi le mɔkpɔkpɔ, si le mia me la ŋuti; gake miwɔe kple dɔmefafa kpakple vɔvɔ,


Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan