Ke Paulo kple Barnaba ƒo nu kple dzideƒo bena: Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã, ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, mietrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ.
Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.
nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,
esi va mia gbɔ, abe alesi wòle xexe blibo la katã hã me ene, eye wòtsea ku, eye wotsina, abe alesi wòle le miawo hã mia dome tso ŋkeke ma, si dzi miese, eye miedze si Mawu ƒe amenuveve le nyateƒe me la ene,
eye bena womagaɖo to gliwo kple dzidzimenya, siwo seƒeɖo meli na o, elabena nusiawo hea anukutsyɔtsyɔ geɖewo vɛ wu nusi Mawu ƒe nuɖoanyi le xɔse me la ɖina la, nenema ke megale nu xlɔ̃m wò fifia hã.