Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Efesotɔwo 1:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 nyemedzudzɔ akpedada le mia ŋuti o, esime meɖoa ŋku mia dzi le nye kukuɖeɖewo me,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

16 nyemedzudzɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta o, eye meɖoa ŋku mia dzi ɖaa le nye gbedodoɖawo me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Efesotɔwo 1:16
11 Iomraidhean Croise  

Ke ɖo ŋku dzinye, ne eva nyo na wò! Meɖe kuku, ve nunye, eye naɖo ŋku dzinye na Farao, bena wòaɖem le xɔ sia me.


Yerusalem, meɖo dzɔlawo wò gliwo dzi, amesiwo mazi ɖoɖoe ŋkeke blibo kple zã blibo o. Mi amesiwo ɖoa ŋku nu dzi na Yehowa, migagbɔ ɖe eme o!


Míeɖa akpe na Mawu, si nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo la, ɖaasi le míaƒe gbedodoɖa ɖe mia ta la me,


Eyata míawo hã, tso ŋkeke, si dzi míesee la, míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me,


Miedaa akpe na Mawu ɖaasi le mi katã mia ta, eye mieɖoa ŋku mia dzi le miaƒe gbedodoɖawo me,


Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe!


Ele na mí bena, míada akpe na Mawu ɖaasi le mia ta, nɔviwo, abe alesi dze ene; elabena miaƒe xɔse tsina ŋutɔ, eye mi katã mia dome amesiame ƒe lɔlɔ̃, si mietsɔna lɔ̃a mia nɔewo la, sɔa gbɔ ɖe edzi,


Ke nede megbe xaa tso nye hã gbɔnye, be matasi kukuɖeɖe ɖe mia ta, eye magbe mɔ nyui kple mɔ dzɔdzɔe fiafia mi ahawɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu!


Tete Israel-viwo gblɔ na Samuel bena: Megadzudzɔ kukuɖeɖe na Yehowa, mía Mawu la, ɖe mía ta o, ne wòaɖe mi tso Filistitɔwo si me!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan