Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Efesotɔwo 1:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 hena azãgbewo ƒe ɖoɖo ƒe nuɖoanyi, bene woaƒo nuwo katã nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me, nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi la;

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

10 Eƒe taɖodzinue nye be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, aƒo nuwo katã nu ƒu tso afi sia afi, eɖanye dziƒo alo anyigba dzi o, ɖe Kristo te, tso mavɔ me yi mavɔ me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Efesotɔwo 1:10
29 Iomraidhean Croise  

Atamkayi magbe Yuda si nanɔ o, eye womede fiatikplɔ da le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.


Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Le ɣemaɣi la mafɔ Dawid ƒe agbadɔ gbagbã la de tsitrenu, eye matre eƒe gbagbãƒewo, mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye matui abe tsã ene;


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòamã wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene;


Azãgbe la ɖo dzi, eye mawufiaɖuƒe la ɖo vo. Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mixa nyanyuie la dzi se!


Ke nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la.


Ke mele ɖiɖim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.


Ke esi azãgbe la ɖo vo la, Mawu dɔ ye ŋuta Via ɖo ɖa, eye nyɔnua ɖe dzii, eye wodzii ɖe se la te,


eye wòtsɔ nuwo katã de eƒe alo te, eye wòtsɔ eya ke ɖo nuwo katã ƒe ta hena hame,


esi wòɖe se la ƒe sededewo le nyaɖoɖowo me la ɖa le eƒe ŋutilã me, bene wòatsɔ wo ame eve la katã awɔ ame yeye ɖeka le ye ŋutɔ ɖokui me, eye wòwɔ ŋutifafa,


amesi gbɔ ƒome sia ƒome, si le dziƒo kple anyigba dzi la, kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ,


nenye ɖe miese Mawu ƒe amenuveve, si wonam le mia ta la ƒe nuɖoanyi,


Elabena wowɔ nuwo katã le eya ke me, nusiwo le dziƒowo kple nusiwo le anyigba dzi; nusiwo wokpɔna kple nusiwo womekpɔna o; eɖanye fiazikpuiwo o; alo aƒetɔnyenyewo o; eɖanye dziɖulanyenyewo o alo ŋusẽwo o: Wowɔ nuwo katã to eyama me, eye wowɔ wo hena eyama,


eye wòto eyama dzi lé avu le nuwo katã kple eɖokui dome, esi wòto eƒe atitsoga ƒe ʋu la me wɔ ŋutifafa kple nusiwo le anyigba dzi kpakple nusiwo le dziƒowo la, to eyama dzi.


afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.


amesi wòɖo nuwo katã ƒe domenyila, amesi hã dzi wòto wɔ xexeame,


elabena Mawu kpɔ nua ɖe, si nyo wu la, da ɖi na mí, bena womagawɔ wo blibo miawo mia eme manɔmanɔ o.


nusiawo katã hekpe ɖe nuɖuɖuwo kple nunonowo kpakple tsilele bubu ƒomeviwo ŋuti la wonye ŋutilã me nuɖoanyiwo ɖeɖeko, siwo woɖo ɖi vaseɖe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi.


amesi wonya ɖi tsã, hafi woɖo xexeame gɔme anyi; gake woɖee ɖe go fia le ɣeyiɣia ƒe nuwuwu le mia ta,


Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan