2 Mebe: Dzra fia ƒe sedede ɖo le Mawu ƒe atam la te.
2 Mebe nàɖo to fia la, elabena èka atam aɖe le Mawu ŋkume
Ke fia la ve Mefiboset, Saul vi Yonatan ƒe viŋutsu la nu le Yehowa ƒe atam, si le Dawid kple Yonatan, Saul vi dome la ta.
Nukaŋuti mèwɔ Yehowa ƒe atam kple se, si mede na wò la dzi oa?
eye amegãwo katã kple kalẽawo kpakple fia Dawid ƒe viwo katã hã de ta fia Salomo le.
Nenye ɖe wofii le egbɔ la, ekema woaɖo eteƒe na lã la tɔ.
Vinye, vɔ Yehowa kple fia la, eye megado ka kple godzelawo o;
Ɖo ŋu nusiawo na wo bena, woabɔbɔ wo ɖokui na dziɖulowo kple ŋusẽwo, eye woaɖo to wo, eye woasu te hena do nyui sia do nyui wɔwɔ:
Eye esi dukɔ la va avee me la, kpɔ ɖa, anyitsi le sisim; gake amea ɖeke metɔ asi eme de nu me o, elabena dukɔ la le atam la vɔ̃m.