Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nyagblɔla 2:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Womeɖoa ŋku nunyala kple bometsila dzi tegbee o, elabena ŋku adzo le wo dzi le ŋkeke, siwo gbɔna la me xoxo; alesi nunyala kunae la, nenema ke bometsila hã kunae.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

16 elabena nunyala kple bometsila siaa le kuku ge eye woaŋlɔ wo ame eveawo be keŋkeŋ le ŋkeke siwo gbɔna la me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nyagblɔla 2:16
17 Iomraidhean Croise  

Ŋku dzo le blematɔwo dzi, nenema ke amesi gbɔna dzadza ge hã, wo yometɔwo maɖo ŋku wo dzi o.


Elabena agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menye naneke o, fetua ɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.


De woaxlẽ wò amenuveve afia le yɔdo me kple wò nuteƒewɔwɔ le tsiẽƒea?


Eye fia yeyea ɖe ɖu fia le! Egipte, amesi menya naneke le Yosef ŋuti o.


Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la,


Ale Yehowa-vɔ̃lawo gblɔ le wo nɔeawo dome enye si; Yehowa ɖo to see, eye wòŋlɔ ŋkuɖodzigbalẽ le eŋku me na Yehowa-vɔ̃lawo kple amesiwo léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu la.


Elabena nuka nunyala tsɔ wu bometsila, eye viɖe ka ame dahe, si nya zɔzɔ le agbagbeawo ŋku me la, kpɔna?


Nu nyala to ŋku ɖe ta, ke bometsila zɔa viviti me. Ke medze sii be, nye ɖeka tɔgbe koe dzɔna ɖe wo katã dzi.


Elabena ne ya ƒo to edzi la, meganɔa anyi o, eye eteƒe megadzea sii o.


be wòanɔ agbe ayi dzi, eye makpɔ yɔdo o.


Eye fia la fa na Abner gblɔ bena: Ɖe Abner aku abe yakame enea?


Emegbe Yosef kple nɔviawo kple wo viwo katã ku.


Tete megblɔ le nye dzi me be: Nya, si adzɔ ɖe bometsila dzi la kee le dzɔdzɔ ge ɖe nye hã dzinye tso, nukata gɔ̃e nyea medze nunya alea gbegbe ɖo? Eye megblɔ le nye dzi me be: Esia hã toflokoe.


Kuteƒeyiyi nyo wu agloluƒeyiyi; elabena afi kemea nye emegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe, eye wòdea dzigbɔ na agbagbeawo.


Emegbe mekpɔ woɖe ame vɔ̃ɖiwo yɔ me, eye woyi gbɔɖemeƒe; ke ele na amesiwo wɔa nu dzɔdzɔe la be, woaʋu adzo le teƒe kɔkɔe la, eye woŋlɔ wo be le dua me. Esia hã tofloko wònye.


Ŋutsu ɖahe nyanua ɖe le eme; eyae tsɔ eƒe nunya xɔ du lae; ke amea ɖeke medo ŋku ŋutsu dahe ma dzi o.


Nunyalawo ƒe ayedzedze enye be, woalé ŋku ɖe woƒe zɔzɔme ŋu; ke bometsilawo ƒe bometsitsi enye alakpa.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan