Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Daniel 8:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye mefɔ kɔ dzi kpɔ agboa ɖe le tɔsisi la to, si to dzo legbee eve, ke ɖeka didi wu nɔvia, eye legbeetɔ enye mamletɔ, si to.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

3 Mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ agbo aɖe si to dzo eve, wòtsi tsitre ɖe tɔsisi la to; eƒe dzowo didi. Dzoawo dometɔ ɖeka nɔ kpuie wu evelia gake eva didi ɖe edzi emegbe.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Daniel 8:3
25 Iomraidhean Croise  

Ke esi Dawid fa ko dzi, eye wòkpɔ Yehowa ƒe dɔla la le dziƒo kple anyigba dome, eye wòdi eƒe yi do ɖe Yerusalem dzi la, Dawid kple ame tsilsiwo ta akpanya, eye wode ta agu.


Persia-fia Kores ƒe gbe enye si: Yehowa, dziƒo Mawu la, tsɔ anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nam, eye wòde se nam be, matu xɔ na ye de Yerusalem le Yuda.


Wode aɖaŋuɖolawo ɖewo ŋu, be woagblẽ woƒe tameɖoɖo la me, tso Persia-fia Kores ƒe agbenɔɣi katã vaseɖe Persia-fia Dario ƒe fiaɖuɖu me.


etu aglo na eƒe amegãwo katã kple eƒe dɔlawo le eƒe ftaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me, eye Persia-ʋakɔwo kple Media-ʋakɔwo, bubumewo kple anyigbawo ɖzikpɔlawo le eŋku me;


Kpɔ ɖa, made adã Mediatɔwo ƒe ta me ɖe wo ŋu, amesiwo mebua klosalo o, eye sika medzroa wo o;


Ŋutega sesẽa ɖe woɖe fiãm be: Amegɔmezɔla, zɔ ame gɔme; adzoblasu, ha nu! Elam, ho va; Media, ɖe to ɖe ŋu! Matsi eƒe hũɖeɖewo katã nu.


eya, amesi gblɔ na Kores be: Nye lãkplɔvi nenye! Eyae awɔ nye ɖiɖiwo katã ade goe, eye wòagblɔ na Yerusalem be, woatsoe, eye na gbedoxɔ be, woaɖo egɔme anyi!


Minyre aŋutrɔwo, mikpla akpoxɔnuwo! Yehowa nyɔ Media-fiawo ƒe gbɔgbɔ, eye wode adaŋu ɖe Babel ŋu, be woagblẽe; elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biabiae, hlɔ̃biabia ɖe eƒe gbedoxɔ nue.


Eye esi mefɔ kɔ dzi ɖo ŋku anyi la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le awu ɣi me, eye sika nyuliɔ ƒe alidziblanu le ali nɛ.


Ke fiaɖuƒe bubu ava ɖe yowòme, si anɔ ʋee wu tɔwò; emegbe fiaɖuƒe etɔ̃lia ava, si nye akɔblitɔ, eye wòaɖu anyigba blibo la dzi.


Eɖea ame, eye wòxɔna na ame, ewɔa dzesiwo kple nukunuwo le dziƒo kple anyigba dzi, eyae nye amesi ɖe Daniel tso dzatawo si me.


Lã evelia ɖi sisiblisi, eye wotsɔe ɖo go ɖeka me; agbaƒuti etɔ̃ le nu me nɛ le eƒe aɖuwo dome, eye wogblɔ nɛ bena. Tso naɖu lã geɖe!


Menɔ ŋutega la me yi Susan-mɔ̃, si le Elam-nyigba dzi la me, eye wòwɔ nam le ŋutega me abe Ulai-tɔsisi la to mele ene.


Agbo dzoevee, si nèkpɔ la, enye Media-kple Persia-fiawo.


Tete mefɔ ko dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ lãdzo ene,


Eye megafɔ kɔ dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ agbalẽ toaʋa-laa ɖe.


Eye mawuɖɔla, si ƒo nu kplim la, ɖo va gblɔ nam bena: Fɔ kɔ dzi nakpɔ nusi do gbɔna la ɖa!


Eye esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ nyɔnu eve wodo va, eye ya ɖo aʋala me na wo, woto aʋala abe ɖamixe ƒe aʋala ene, eye woka nuɖotree la ɖe dziƒo kple anyigba domee.


Eye megafɔ ke dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ taslaɖam ene woto to eve domee; toawo nye akɔbli towo.


Eye Bileam fɔ kɔ dzi, kpɔ alesi Israel ƒu asaɖa anyi tototoe. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ va edzi,


Esi Yosua le Yerixo gbɔ, eye wòfɔ ko dzi la, ekpɔ ŋutsua ɖe ɖi yi ɖe asi, le tsitre ɖe eŋgɔ. Tete Yosua zɔ ɖe edzi biae bena: Mía dzi nèle loo, alo míaƒe futɔwo dzi nèlea?


Eye mekpɔ lã bubua ɖe le ɖoɖom tso anyigba me, eye dzo eve li nɛ abe alẽvi tɔ ene, eye wòƒo nu abe ʋɔ driba la ene.


Eye le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo titina kple amegã xoxoawo titina la mekpɔ alẽvia ɖe le tsitre ɖi, abe ɖe wowui ene; eye dzo adre kple ŋku adre, siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adre, siwo wodɔ ɖo ɖe anyigba katã dzi la, li ne.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan